Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 51

Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La

Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La

Wokplɔ nyɔnuvi sue aɖe tso wo de Israel yi keke Siria-nyigba dzi. Siriatɔwo ƒe aʋawɔlawoe lée tso eƒe ƒomea gbɔ hekplɔe yi Siria wòva zu subɔvi na aʋafia Naaman srɔ̃. Nyɔnuvi suea subɔa Yehowa togbɔ be ame siwo dome wònɔ mesubɔa Mawu o hã.

Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe nɔ Naaman ƒe ŋutigbalẽ ŋu, si nana wòsea veve ɣesiaɣi. Nyɔnuvi sue la di vevie be yeakpe ɖe Naaman ŋu. Egblɔ na Naaman srɔ̃ be: ‘Menya ame aɖe si ate ŋu akpe ɖe srɔ̃wòa ŋu wòahaya. Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le Israel si ŋkɔe nye Elisa. Ate ŋu ada dɔ na srɔ̃wòa.’

Naaman srɔ̃ gblɔ nya si ɖevia gblɔ la na srɔ̃a. Naaman di vevie be yeahaya, eya ta eyi Elisa gbɔ le Israel. Naaman susu be Elisa axɔ ye abe amegã aɖe ene. Elisa ŋutɔ meyi ɖaƒo nu kple Naaman o, edɔ eƒe subɔvi ɖa be wòado go Naaman agblɔ nɛ be: ‘Yi nàle tsi le Yordan Tɔsisia me zi adre. Ekema àhaya.’

Nyaa te ɖe Naaman dzi. Egblɔ be: ‘Nyea mebu be, nyagblɔɖila sia ayɔ eƒe Mawu ƒe ŋkɔ ahalili asi teƒea, ale be mahaya. Ke boŋ ebe male tsi le Israel-tɔsisi sia me. Tɔsisi siwo nyo wu la le Siria. Nu ka tae nyematrɔ ayi afi ma o?’ Naaman do dziku vevie, eye wòdzo le Elisa ƒe aƒe me.

Naaman ƒe subɔviwo kpe ɖe eŋu wòbu nuwo ŋu nyuie. Wogblɔ nɛ be: ‘Màwɔ nu sia nu si ana nàhaya oa? Nu si nyagblɔɖila sia be nàwɔ la mesesẽ o. Nu ka tae màwɔe o?’ Naaman ɖo to wo. Eyi ɖado ɖi ɖe Yordan Tɔsisia me zi adre. Esi Naaman do ɖi zi adrelia la, ehaya keŋkeŋ. Dzi dzɔe ŋutɔ eye wòtrɔ va da akpe na Elisa. Naaman gblɔ be: ‘Azɔ menyae be Yehowae nye Mawu vavã la.’ Mèkpɔe be dzi anya dzɔ Israel nyɔnuvia ŋutɔ esi Naaman trɔ gbɔ eye wòhaya oa?

“Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo.”—Mateo 21:16