Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 54

Yehowa Gbɔ Dzi Ði Na Yona

Yehowa Gbɔ Dzi Ði Na Yona

Ame siwo nɔ Asiria ƒe dugã si nye Niniwe me la vɔ̃ɖi. Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖila Yona be wòayi Niniwe ne wòaxlɔ̃ nu wo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. Gake Yona si ɖo ta teƒe bubu kura. Eɖo tɔdziʋu aɖe si yina Tarsis.

Esi tɔdziʋua nɔ atsiaƒua dzi yina la, ahom sesẽ aɖe tu eye ʋua me nɔlawo vɔ̃ ŋutɔ. Wodo gbe ɖa na woƒe mawuwo eye wobia be: ‘Nu ka gbɔe nu sia tso?’ Mlɔeba Yona gblɔ na wo be: ‘Gbɔnyee wòtso. Yehowa dɔm be mawɔ dɔ aɖe gake mesi. Mikɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒua me ekema ahom la atɔ.’ Tɔdziʋua me dɔwɔlawo medi be yewoakɔ Yona aƒu gbe ɖe tsia me o, gake eƒoe ɖe wo nu be woawɔe. Esi wokɔe ƒu gbe ɖe tsia me la, ahom la tɔ.

Yona susu be yele kuku ge. Esi wònɔ tsia gɔme yim la, edo gbe ɖa na Yehowa. Eye Yehowa dɔ tɔmelã gã aɖe ɖa wòva mi Yona, gake mewu Yona o. Yona do gbe ɖa le tɔmelãa ƒe dɔ me be: ‘Mele ŋugbe dom na wò be maɖo to wò ɣesiaɣi.’ Yehowa kpɔ Yona ta le tɔmelãa ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ eye wòna tɔmelãa va dzɔe ɖe gota.

Esi Yehowa kpɔ Yona ƒe agbe ta ta la, ɖe wòfia be mele be wòagayi Niniwe kura oa? Gbeɖe. Yehowa gagblɔ na Yona be wòayi Niniwe. Fifia ya Yona ɖo to. Eyi Niniwe eye wògblɔ na ame vɔ̃ɖi mawo be: ‘Esusɔ ŋkeke blaene ne woatsrɔ̃ Niniwe.’ Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ, Niniwetɔwo ɖo to eye wotrɔ dzi me. Niniwe-fia gblɔ na eƒe amewo be: ‘Miɖe kuku na Mawu eye mitrɔ dzi me. Ðewohĩ matsrɔ̃ mí o.’ Esi Yehowa kpɔ be wotrɔ dzi me la metsrɔ̃ Niniwe o.

Yona kpɔ dziku vevie be wometsrɔ̃ dua o. Wò ya bu eŋu kpɔ: Yehowa gbɔ dzi ɖi na Yona eye wòkpɔ nublanui nɛ, gake Yona ya gbe be yemakpɔ nublanui na Niniwetɔwo o. Ke boŋ ebɔbɔ nɔ goeka aɖe te le dua godo eye wòyɔ mo lilili. Eyome goekaa ku eye Yona kpɔ dziku. Eya ta Yehowa gblɔ na Yona be: ‘Goeka sia xɔ asi na wò wu Niniwetɔwo. Mekpɔ nublanui na wo be woatsi agbe.’ Nu kae Yona srɔ̃ tso eme? Esrɔ̃e be Niniwetɔwo le vevie wu goeka.

“Yehowa . . . gbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Petro 3:9