Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 57

Yehowa Dɔ Yeremiya Be Wòaɖe Gbeƒã

Yehowa Dɔ Yeremiya Be Wòaɖe Gbeƒã

Yehowa tia Yeremiya be wòanye nyagblɔɖila na Yudatɔwo. Egblɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã eye wòaxlɔ̃ nu ameawo be woadzudzɔ nu baɖawo wɔwɔ. Yeremiya gblɔ be: ‘Gake Yehowa, ŋutsuvi dzaa ko menye. Nyemenya nya si magblɔ na ameawo o.’ Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o. Magblɔ nya si nàgblɔ la na wò. Makpe ɖe ŋuwò.’

Yehowa gblɔ na Yeremiya be wòaƒo dukɔa ƒe ametsitsiwo nu ƒu eye wòagbã ze le wo ŋkume ahagblɔ be: ‘Woatsrɔ̃ Yerusalem abe ze sia ene.’ Esi Yeremiya wɔ nu si Yehowa gblɔ la, ametsitsiawo kpɔ dziku ɖe eŋu vevie. Nunɔla Pashur ƒo Yeremiya eye wòbɔ pãe. Yeremiya tsi teƒe ɖeka zã bliboa katã. Esi ŋu ke la, Pashur ɖe Yeremiya le pã la me. Yeremiya gblɔ be: ‘Nyemagate ŋu anɔ te ɖe esia nu o. Madzudzɔ gbeƒãɖeɖe.’ Gake ɖe wòdzudzɔ nyateƒea? Ao. Esi Yeremiya gabu nyaa ŋu vie la, egblɔ be: ‘Yehowa ƒe nya le abe dzobibi ene le menye. Nyemate ŋu adzudzɔ gbeƒãɖeɖe o.’ Yeremiya yi edzi xlɔ̃ nu ameawo.

Le ƒe aɖewo megbe la, Woɖo fia yeye le Yuda. Nunɔlawo kple aʋatsonyagblɔɖilawo lé fu gbedeasi si ƒe gbeƒã ɖem Yeremiya nɔ la. Wogblɔ na amegãwo be: ‘Ele be míawu ŋutsu sia.’ Yeremiya gblɔ be: ‘Ne míewum la, ke míewu ame maɖifɔ. Nya si Yehowa gblɔ lae megblɔ, ke menye nye ŋutɔ nye nyae o.’ Esi amegãwo se nya sia la, wogblɔ be: ‘Mele be míawu ŋutsu sia o.’

Yeremiya yi gbeƒãɖeɖea dzi eye amegãwo do dziku vevie. Wogblɔ na fia la be wòawu Yeremiya. Fia la gblɔ be woate ŋu awɔ nu si dze wo ŋu ɖe Yeremiya ŋu. Wotsɔ Yeremiya ƒu gbe ɖe vudo aɖe si goglo ŋutɔ si me ba le la me, eye wosusui be aku. Yeremiya te toyiyi le baa me.

Emegbe aƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Ebed-Melek gblɔ na fia la be: ‘Amegãwo tsɔ Yeremiya de vudo me! Ne míegblẽe ɖe afi ma la aku.’ Fia la ɖe gbe na Ebed-Melek be wòakplɔ ame 30 kpe ɖe eɖokui ŋu ne woahe Yeremiya adoe le vudoa me. Mèkpɔe be ele be míanɔ abe Yeremiya, ame si mena naneke xe mɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã la ene oa?

“Amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:22