Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 58

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Wotsrɔ̃ Yerusalem

Yudatɔwo trɔ le Yehowa yome enuenu eye wosubɔ alakpamawuwo. Yehowa yi edzi kpe ɖe wo ŋu ƒe geɖe. Edɔ nyagblɔɖila geɖe ɖa be woaxlɔ̃ nu wo, gake wogbe toɖoɖo. Ke boŋ woko nyagblɔɖilaawo. Mɔ ka dzie Yehowa to tsi woƒe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo nu?

Babilon-fia Nebukadnezar nɔ dukɔwo xɔm ɖekaɖeka. Zi gbãtɔ si wòva dze Yerusalem dzi la, elé Fia Yehoyakin, amegãwo, aʋawɔlawo kple aɖaŋudɔwɔlawo, eye wòkplɔ wo yi Babilon. Elɔ kesinɔnu siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔa me hã dzoe. Emegbe Nebukadnezar ɖo Zedekiya Yuda-fiae.

Gbã la, Zedekiya ɖo to Nebukadnezar. Gake dukɔ siwo te ɖe wo ŋu kple aʋatsonyagblɔɖilawo ɖo aɖaŋu na Zedekiya be wòadze aglã ɖe Babilon ŋu. Yeremiya xlɔ̃ nui be: ‘Ne èdze aglã la, woawu Yudatɔwo, dɔ awu wo, eye woalé dɔ.’

Esi Zedekiya ɖu fia ƒe enyi la, eɖoe be yeadze aglã ɖe Babilon ŋu. Ebia tso Egipte-srafowo si be woakpe ɖe ye ŋu. Nebukadnezar dɔ eƒe aʋawɔlawo ɖa be woadze Yerusalem dzi, eye woyi ɖaɖe to ɖe dua. Yeremiya gblɔ na Zedekiya be: ‘Yehowa be ne èna ta Babilontɔwo la, wò ŋutɔ kple du bliboa miatsi agbe. Gake ne mèna ta oa, Babilontɔwo atɔ dzo Yerusalem eye woalé wò ade gaxɔ me.’ Zedekiya gblɔ be: ‘Nyemana ta o!’

Ƒe ɖeka kple afã megbe la, Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawo gbã Yerusalem glia ge ɖe dua me eye wotɔ dzoe. Wotɔ dzo gbedoxɔa, wu ame gbogbo aɖewo eye wokplɔ ame akpe geɖe dzoe.

Zedekiya si le Yerusalem dua me, gake Babilontɔwo kplɔe ɖo. Wova lée esi wòsusɔ vie wòaɖo Yeriko eye wokplɔe vɛ na Nebukadnezar. Babilon-fia na wowu Zedekiya viŋutsuwo le eya ŋutɔ ŋkume. Eyome Nebukadnezar gbã ŋku na Zedekiya, dee gaxɔ me, eye wòku ɖe afi ma emegbe. Gake Yehowa do ŋugbe na Yudatɔwo be: ‘Le ƒe 70 megbe la, makplɔ mi va mia de Yerusalem.’

Ke nu kae adzɔ ɖe ɖevi siwo woɖe aboyoe yi Babilon la dzi? Ðe woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowaa?

“Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe hele dzɔdzɔe.”—Nyaɖeɖefia 16:7