Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 64

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me

Mediatɔ Dario ye va zu Babilon-fia yeyea. Dario kpɔe be Daniel le etɔxɛ. Eya ta etsɔ Daniel ɖo amegãwo nu le eƒe fiaɖuƒea me. Amegãwo ʋã ŋu Daniel eye wodi be yewoaɖee ɖa. Wonya be Daniel doa gbe ɖa na Yehowa zi etɔ̃ gbe sia gbe, eya ta wogblɔ na Dario be: ‘Oo fia, de se be ame sia ame nado gbe ɖa na wò ɖeɖe ko. Ame sia ame si mawɔ ɖe se sia dzi o la woatsɔe aƒu gbe ɖe do si me dzatawo sɔ gbɔ ɖo fũu la me.’ Nyaa vivi na Dario eya ta ede asi sea te.

Esi Daniel se se yeyea ko la, eyi aƒe me. Edze klo ɖe fesre aɖe si le ʋuʋu ɖi la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Amegã siwo nɔ ŋu ʋãmee la va do ɖe edzi bibibi eye wolée wònɔ gbe dom ɖa. Woƒu du yi Dario gbɔ eye wogblɔ nɛ be: ‘Daniel gbe toɖoɖo wò. Edoa gbe ɖa na Mawu zi etɔ̃ gbe ɖeka.’ Dario lɔ̃ Daniel eya ta medi be wòaku o. Ede ŋugble le ale si wòakpe ɖe Daniel ŋu ŋkeke bliboa. Gake fia gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ se si te wòde asii la o. Ele be wòaɖe gbe na eƒe amewo be woatsɔ Daniel aƒu gbe ɖe dzata siwo wɔa adã la ƒe do me.

Dario tsi dzi ɖe Daniel ŋu vevie ale be mete ŋu dɔ alɔ̃ le zã ma me o. Esi ŋu ke la, eƒu du yi doa gbɔ eye wòdo ɣli yɔ Daniel gblɔ be: ‘Ðe wò Mawu la ɖe wòa?’

Dario se gbe aɖe. Daniel ƒe gbee! Egblɔ na Dario be: ‘Yehowa ƒe dɔla aɖe mia nu na dzatawo. Ale be womewɔ nu vevim o.’ Dzi dzɔ Dario ale gbegbe! Eɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Nu vevi aɖeke mewɔ Daniel o. Emegbe fia la ɖe gbe be: ‘Mitsɔ ŋutsu siwo tso Daniel nu la ƒu gbe ɖe do la me.’ Esi wotsɔ wo ƒu gbe ɖe doa me la dzataawo vuvu wo.

Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe eƒe dukɔa me tɔwo katã be: ‘Ame sia ame navɔ̃ Daniel ƒe Mawu la. Elabena eɖe Daniel tso dzatawo si me.’

Ðe nèdoa gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe abe Daniel enea?

“Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Petro 2:9