Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 65

Esta Xɔ Na Eƒe Amewo

Esta Xɔ Na Eƒe Amewo

Esta nye Yuda ɖetugbui aɖe si nɔ Persiatɔwo ƒe dugã si nye Susan la me. Ƒe geɖe do ŋgɔ la, Nebukadnezar va kplɔ eƒe ƒomea tso Yerusalem dzoe. Foa Mordekai si nye Persia-fia Ahasweros ƒe subɔvie nyii wòtsi.

Fia Ahasweros di be yeatia fianyɔnu bubu. Fia ƒe subɔviwo kplɔ nyɔnu dzetugbe siwo katã le eƒe dukɔa me vɛ nɛ, eye Esta hã le wo dome. Fia la tia Esta le nyɔnuawo dome be wòanye fianyɔnu. Mordekai de se na Esta be wòagagblɔ be Yudatɔe yenye o.

Ŋutsu dadala aɖe si ŋkɔe nye Haman lae nye amegãwo katã ƒe tatɔ. Edi be ame sia ame nade ta agu na ye. Mordekai gbe be yemade ta agu nɛ o, eya ta Haman do dziku vevie eye wòdi be yeawui. Esi Haman va nyae be Yudatɔe Mordekai nye la, eɖoe be yeawu Yudatɔ siwo le dukɔa me la katã. Egblɔ na fia la be: ‘Yudatɔwo vɔ̃ɖi; ele be nàɖe wo ɖa.’ Ahasweros gblɔ nɛ be: ‘Wɔ nu sia nu si nèdi,’ eye wòna ŋusẽe be wòade se. Haman de se na ameawo be woawu Yudatɔwo katã le ɣleti si nye Ada ƒe ŋkeke 13 lia dzi. Yehowa nɔ nu sia nu kpɔm.

Esta menya be wode se aɖeke o. Eya ta Mordekai tsɔ se si wode la ɖo ɖee eye wògblɔ nɛ be: ‘Yi nàvae gblɔe na fia la.’ Esta gblɔ be: ‘Ame sia ame si ayi fia gbɔ evɔ fiaa meyɔe o la woawui. Fia la meyɔm o ŋkeke 30 sɔŋ ye nye esia! Gake mayi. Ne edo eƒe fiatikplɔ la ɖem la, matsi agbe. Ne medoe ɖem o la, woawum.’

Esta yi fia ƒe aƒe la me. Esi fia la kpɔe la, edo eƒe fiatikplɔ la ɖee. Eyi fia la gbɔ, eye fia la biae be: ‘Esta, nu kae nèdi be mawɔ na wò?’ Esta ɖo eŋu be: ‘Medi be makpe wò kple Haman be miava ɖu nu kplim.’ Le nua ɖuƒe la, Esta kpe wo be woagava ɖu nu kpli ye ake. Esi wova zi evelia la fia la biae be: ‘Nu kae nèdi be mawɔ na wò?’ Esta ɖo eŋu be: ‘Ame aɖe di be yeawu nye kple nye amewo. Meɖe kuku xɔ na mí.’ Fia la biae be: ‘Ame kae di be yeawu wò?’ Esta gblɔ be: ‘Haman vɔ̃ɖi siae.’ Ahasweros kpɔ dziku ale gbegbe be ena wowu Haman enumake.

Gake ame aɖeke mate ŋu atrɔ se si Haman de la o, fia gɔ̃ hã mate ŋui o. Eya ta fia la tsɔ Mordekai ɖo amegãwo ƒe tatɔe eye wòna ŋusẽe be wòade se bubu. Mordekai de se be Yudatɔwo ate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta ne ameawo dze wo dzi. Le Ada ƒe ŋkeke 13 lia dzi la, Yudatɔwo ɖu woƒe futɔwo dzi. Tso ɣemaɣi la woɖua azã sia tsɔ ɖoa ŋku woƒe dziɖuɖu la dzi ƒe sia ƒe.

“Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo kple dukɔwo.”—Mateo 10:18