Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 66

Ezra Fia Mawu Ƒe Se La

Ezra Fia Mawu Ƒe Se La

Anɔ ƒe 70 tso esime Israel-viwo trɔ yi Yerusalem, gake wo dometɔ aɖewo gale Persiatɔwo ƒe anyigbaa ƒe teƒe vovovowo kokoko. Ame siawo dometɔ ɖekae nye nunɔla Ezra si fiaa Yehowa ƒe Se la amewo. Ezra se be ame siwo le Yerusalem la menɔ Sea dzi wɔm o, eya ta edi be yeayi ava kpe ɖe wo ŋu. Persia-fia Artasasta gblɔ nɛ be: ‘Mawu na nunya wò be nàfia eƒe Se la amewo. Yi nàkplɔ ame sia ame si di be yeayi kpli wò la ɖe asi.’ Ezra kpe kple ame siwo katã di be yewoatrɔ ayi Yerusalem. Wodo gbe ɖa na Yehowa be wòakpɔ yewo ta le mɔ didi si yewoazɔ la me, eye wodze mɔ.

Wova ɖo Yerusalem le ɣleti ene megbe. Amegã siwo le afi ma gblɔ na Ezra be: ‘Israel-viwo gbe toɖoɖo Yehowa eye woɖe nyɔnu siwo subɔa alakpamawuwo.’ Nu kae Ezra wɔ? Edze klo le ameawo katã ŋkume eye wòdo gbe ɖa be: ‘Yehowa, èwɔ nu geɖewo na mí, gake míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.’ Ameawo trɔ dzime gake woganɔ nu gbegblẽwo wɔm. Ezra tia ametsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo be woaku nyaa me. Le ɣleti etɔ̃ me la, wonya ame siwo katã mesubɔa Yehowa o la le dukɔa me.

Ƒe 12 va yi xoxo. Ɣemaɣi la, wonɔ Yerusalem gliawo ɖom. Eya ta Ezra ƒo ameawo nu ƒu ɖe ablɔ me be yeaxlẽ Mawu ƒe Sea na wo. Esi Ezra ʋu agbalẽa la, ameawo tso ɖe tsitrenu. Ekafu Yehowa eye ameawo do asi ɖe dzi tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃ ɖe edzi. Ezra xlẽ Se la eye wòɖe eme, ameawo ɖo to vevie. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewodze agɔ le Yehowa dzi ake eye wofa avi hehehe. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Ezra gaxlẽ Sea na wo. Wokpɔe be ele be yewoaɖu Agbadɔŋkekenyui la kpuie. Enumake wote dzadzraɖo ɖe azãa ŋu.

Woɖu azã ŋkeke adre, ameawo kpɔ dzidzɔ eye woda akpe na Yehowa be wòna yewoƒe nukuwo wɔ nyuie. Tso Yosua ƒe ŋkekea me la, womegaɖu Agbadɔŋkekenyui aɖeke alea kpɔ o. Le azãa ɖuɖu vɔ megbe la, ameawo ƒo ƒu eye wodo gbe ɖa be: ‘Yehowa, wòe ɖe mí tso kluvinyenye me, èna nuɖuɖu mí le gbe dzi eye nètsɔ anyigba nyui sia na mí. Gake míedze aglã ɖe ŋuwò zi geɖe. Èdɔ nyagblɔɖilawo ɖe mí be woaxlɔ̃ nu mí gake míesẽ to. Ke hã ègbɔ dzi ɖi na mí. Èwɔ ŋugbe si nèdo na Abraham la dzi. Azɔ míele ŋugbe dom be míaɖo to wò.’ Woŋlɔ woƒe ŋugbedodoa ɖe agbalẽ me eye amegãawo, Lewi viwo kple nunɔlawo de asi ete.

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28