Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 68

Elizabet Dzi Vi

Elizabet Dzi Vi

Esi wogbugbɔ Yerusalem gliawo ɖo ƒe 400 kple edzivɔ megbe la, nunɔla aɖe si ŋkɔe nye Zakariya kple srɔ̃a Elizabet, nɔ teƒe aɖe si medidi tso dua gbɔ o. Woɖe srɔ̃ ƒe geɖe gake vi aɖeke menɔ wo si o. Gbe ɖeka esi Zakariya nɔ dzudzɔ ʋeʋĩ dom le gbedoxɔa me la, mawudɔla Gabriel va egbɔ. Zakariya vɔ̃ gake Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o. Metsɔ nya nyui aɖe tso Yehowa gbɔ vɛ na wò. Srɔ̃wò Elizabet adzi ŋutsuvi eye nàtsɔ ŋkɔ nɛ be Yohanes. Yehowa tia Yohanes be wòawɔ dɔ vevi aɖe.’ Zakariya bia mawudɔlaa be: ‘Aleke mawɔ axɔ dziwò ase? Nye kple srɔ̃nye míetsi akpa be míadzi vi.’ Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Mawue dɔm be mava gblɔ nya sia na wò. Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, màgate ŋu aƒo nu o va se ɖe esime wodzi ɖevia.’

Zakariya nɔ gbedoxɔa me wòdidi wu ale si wònɔnɛ. Eya ta esi wòdo go la, ame siwo nɔ elalam le gota la di be yewoanya nu si dzɔ ɖe edzi. Zakariya mete ŋu le nu ƒom o. Dzesiwo ko wɔm wòle kple eƒe asiwo. Esia na ameawo kpɔe be Mawu gblɔ gbedeasi aɖe na Zakariya.

Eteƒe medidi o, Elizabet fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi abe ale si mawudɔlaa gblɔe ene. Elizabet xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo va be yewoakpɔ ɖevia ɖa. Wokpɔ dzidzɔ kplii. Elizabet gblɔ be: ‘Woayɔe be Yohanes.’ Ameawo gblɔ be: ‘Womeyɔa wò ƒometɔ aɖeke be Yohanes o. Tsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zakariya nɛ.’ Gake Zakariya ŋlɔ nya siawo ɖe nane dzi be: ‘Eŋkɔe nye Yohanes.’ Tso ema dzi la, Zakariya gate nuƒoƒo! Ðevia ŋu nya kaka ɖe Yudea nutoa katã me, eye ameawo nɔ wo ɖokuiwo biam be: ‘Ame ka tɔgbie ɖevi sia ava nye?’

Emegbe gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Zakariya fũu eye wògblɔ nya ɖi be: ‘Woakafu Yehowa. Edo ŋugbe na Abraham be yeadɔ ɖela aɖe, si nye Mesia la ɖa, be wòava xɔ na mí. Yohanes anye nyagblɔɖila, eye wòadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la.’

Nu tɔxɛ aɖe dzɔ ɖe Maria, si nye Elizabet ƒe ƒometɔ hã dzi. Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si kplɔe ɖo la me.

“Amegbetɔwo gbɔ la, manya wɔ be woawɔ esia o; ke Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.”—Mateo 19:26