Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 69

Gabriel Va Maria Gbɔ

Gabriel Va Maria Gbɔ

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Maria nye Elizabet ƒe ƒometɔ, eye wònɔ Nazaret le Galilea. Wodo Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, atikpala la. Esi Elizabet fɔ fu ɣleti ade la, mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia Maria. Gabriel gblɔ be: ‘Medo gbe na wò Maria. Yehowa de bubu ŋuwò ŋutɔ.’ Maria mese nya si Gabriel gblɔ la gɔme o. Gabriel gblɔ nɛ be: ‘Àfɔ fu adzi ŋutsuvi, eye nàyɔe be Yesu. Anye Fia. Eƒe Fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee.’

Maria gblɔ be: ‘Ðetugbui leaƒee menye. Aleke mawɔ adzi vi?’ Gabriel gblɔ be: ‘Naneke mesesẽ na Yehowa o. Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò eye àdzi ŋutsuvi. Wò ƒometɔ Elizabet hã fɔ fu.’ Maria ɖo eŋu be: ‘Yehowa ƒe dɔlanyɔnue menye. Neva eme nam abe ale si nègblɔe ene.’

Maria yi Elizabet gbɔ le tonuto aɖe me be yeasrãe kpɔ. Esi Maria do gbe nɛ la, Elizabet se be ɖevi si le dɔ me na ye la ti kpo. Esi gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu la, egblɔ be: ‘Maria, Yehowa yra wò. Bubu gã aɖee wònye nam be nye Aƒetɔ dada va aƒenye me.’ Maria gblɔ be: ‘Makafu Yehowa tso dzi me.’ Maria nɔ Elizabet gbɔ ɣleti etɔ̃, emegbe etrɔ yi wo de Nazaret.

Esi Yosef se be Maria fɔ fu la, edi be yeagbee. Gake mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me eye wògblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ be yeaɖe Maria o. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.’ Eya ta Yosef ɖe Maria wòzu srɔ̃a eye wòkplɔe yi aƒe me.

“Nu sia nu si dze Yehowa ŋu wòbe yeawɔ la, ewɔnɛ, le dziƒo kple anyigba.”—Psalmo 135:6