Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 70

Mawudɔlawo Ðe Gbeƒã Yesu Dzidzi

Mawudɔlawo Ðe Gbeƒã Yesu Dzidzi

Roma Fiaɖuƒea dzi ɖula, Kaisaro Augusto, de se be Yudatɔwo katã nayi wo de avae ŋlɔ ŋkɔ. Eya ta Yosef kple Maria yi Betlehem, si nye du si me Yosef tso. Ɣemaɣi la esusɔ vie Maria nadzi vi.

Esi woɖo Betlehem la, lãkpo me koe nye teƒe si wokpɔ na wo be woadze. Afi mae Maria dzi Yesu le. Exatsa avɔ ɖe ɖevia ŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me.

Alẽkplɔla aɖewo nɔ woƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si te ɖe Betlehem ŋu le zã me. Mawudɔla aɖe va tɔ ɖe wo gbɔ le vo me eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo. Alẽkplɔlaawo vɔ̃ gake mawudɔlaa gblɔ na wo be: ‘Migavɔ̃ o. Dzidzɔnya aɖe le asinye na mi. Wodzi Mesia la le Betlehem egbea.’ Le ɣeyiɣi ma tututu me la, wokpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo le yame wonɔ gbɔgblɔm be: ‘Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo, eye ŋutifafa na anyigbadzinɔlawo.’ Eyome mawudɔlaawo bu vĩi. Nu kae alẽkplɔlaawo wɔ?

Wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mina míayi Betlehem fifi laa.’ Woyi enumake eye wokpɔ Yosef, Maria kple wo vi la le lãkpo me.

Nya si mawudɔlaa gblɔ na alẽkplɔlaawo la wɔ nuku na ame sia ame si see. Maria bu mawudɔlaa ƒe nyawo ŋu vevie eye womebu le tame nɛ gbeɖe o. Alẽkplɔlawo trɔ yi woƒe alẽawo gbɔ eye woda akpe na Yehowa ɖe nu si wokpɔ eye wose la ta.

“Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.”—Yohanes 8:42