Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 71

Yehowa Kpɔ Yesu Ta

Yehowa Kpɔ Yesu Ta

Ame aɖewo nɔ dukɔ aɖe si le Israel ƒe ɣedzeƒe gome siwo xɔe se be ɣletiviwo ate ŋu afia mɔ yewo. Le zã aɖe me la, ŋutsu aɖewo siwo tso Ɣedzeƒe kpɔ nane si ɖi ɣletivi wònɔ zɔzɔm le yame eye wodze eyome. “Ɣletivia” kplɔ wo yi Yerusalem. Ŋutsuawo nɔ amewo biam be: ‘Afi kae ɖevi si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la le? Míeva be míade bubu eŋu.’

Esi Yerusalem fia Herodes se fia yeyea ŋu nya la, evɔ̃ ŋutɔ. Eya ta ebia nunɔlawo ƒe tatɔwo be: ‘Afi kae woadzi fia la le?’ Wogblɔ nɛ be: ‘Nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi be woadzii le Betlehem.’ Eya ta Herodes yɔ ŋutsu siwo tso Ɣedzeƒe la eye wògblɔ na wo be: ‘Miyi Betlehem miadi ɖevi la. Eye miava gblɔ afi si wòle la nam. Nye hã medi be made bubu eŋu.’ Gake eka aʋatso.

“Ɣletivia” gate zɔɖeɖe. Ŋutsuawo dze eyome va Betlehem. “Ɣletivia” va tɔ ɖe aƒe aɖe tame eye ŋutsuawo ge ɖe aƒea me. Wokpɔ Yesu kple dadaa Maria. Wobɔbɔ na ɖevia eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire nɛ. Yehowa ye dɔ ŋutsu siawo ɖa be woadi Yesua? Ao.

Le zã me la, Yehowa gblɔ na Yosef le drɔ̃e me be: ‘Herodes di be yeawu Yesu. Kplɔ srɔ̃wò kple viwòa ne miasi ayi Egipte. Nɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ.’ Enumake Yosef kple eƒe ƒomea woyi Egipte.

Yehowa gblɔ na ŋutsu siwo tso Ɣedzeƒe la be woagatrɔ ayi Herodes gbɔ o. Esi Herodes va nya be ŋutsuawo matrɔ ava o la, dzi kui vevie. Menya ale si wòawɔ ake ɖe Yesu ŋu o, eya ta ede se be woawu ŋutsuvi siwo anya xɔ ƒe si Yesu xɔ la katã le Betlehem. Gake wokɔ Yesu si yi keke Egipte ke wòle dedie le afi ma.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Herodes ku. Yehowa gblɔ na Yosef be: ‘Fifia àte ŋu atrɔ ayi aƒe.’ Eya ta Yosef, Maria kple Yesu trɔ yi Israel, eye wonɔ Nazaret dua me.

“Nenema kee nye nya si do tso nye nu me la anɔ . . . , eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la ade goe hafi.”—Yesaya 55:11