Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 72

Yesu Ðevi La

Yesu Ðevi La

Yosef kple Maria nɔ Nazaret eye Yesu kpakple wo vi ŋutsu kple nyɔnu mamlɛawo hã nɔ wo gbɔ. Yosef wɔ atikpakpadɔ tsɔ kpɔ eƒe ƒomea dzi, eye wòfia nu wo tso Yehowa kple eƒe Sewo ŋu. Woƒe ƒomea yia ƒuƒoƒea ɖadea ta agu edziedzi eye ƒe sia ƒe la, woyia Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu.

Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, eƒe ƒomea zɔ mɔ didi aɖe yi Yerusalem abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Amewo sɔ gbɔ ɖe dua me elabena wova Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe. Le azãa megbe la, Yosef kple Maria gadze mɔ ɖo ta aƒe, eye wosusui be Yesu hã le ameawo dome. Gake esi wodii le woƒe ƒometɔwo dome la, womekpɔe o.

Wotrɔ yi Yerusalem, eye wodi wo via ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba wokpɔe le gbedoxɔa me. Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialaawo dome, nɔ to ɖom wo eye wònɔ nyawo biam wo. Yesu ƒe biabiawo wɔ nuku na nufialaawo ale gbegbe be woawo hã wobia nyawo Yesu. Ale si wòɖo nyaawo ŋu la wɔ nuku na wo. Wokpɔe be ese Yehowa ƒe Se la gɔme.

Yosef kple Maria tsi dzi vevie ŋutɔ. Maria gblɔ be: ‘Vinye, míetsa di wò ʋuu! Afi kae nèyi?’ Yesu ɖo eŋu na wo be: ‘Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe me le afi sia oa?’

Yesu dze edzilawo yome yi Nazaret. Yosef fia atikpakpadɔ Yesu. Ame ka tɔgbie nèsusu be Yesu nye esime wònye ɖekakpuivi dzaa? Esi Yesu nɔ tsitsim la, eƒe nunya nɔ dzidzim ɖe edzi eye Mawu kple amegbetɔwo siaa kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu.

“Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ, eye wò se la le menye.”—Psalmo 40:8