Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 86

Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre

Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre

Xɔlɔ̃ vevi etɔ̃ nɔ Yesu si le Betania. Woawoe nye Lazaro, kpakple nɔvianyɔnu eve, Maria kple Marta. Gbe ɖeka esi Yesu nɔ Yordan ƒe go kemɛ dzi la, Maria kple Marta dɔ ame ɖo ɖee kpata be woagblɔ nɛ be: ‘Lazaro dze dɔ vevie. Míeɖe kuku, va mía gbɔ kaba!’ Gake Yesu meyi enumake o. Elala ŋkeke eve eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mina míayi Betania. Lazaro le alɔ̃ dɔm, eye meyina be mava nyɔe.’ Apostoloawo gblɔ be: ‘Ne alɔ̃ dɔm Lazaro le la, ekema ana eƒe lãme nasẽ.’ Eya ta Yesu ɖe eme na wo be: ‘Lazaro ku.’

Woɖi Lazaro ŋkeke ene sɔŋ hafi Yesu va ɖo Betania. Ame gbogbo aɖewo va be yewoafa akɔ na Marta kple Maria. Esi Marta se be Yesu va ɖo la, ewɔ kaba yi ɖakpee. Marta gblɔ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Yesu gblɔ nɛ be: ‘Nɔviwò la agbɔ agbe. Marta, èxɔ nya sia dzi sea?’ Marta ɖo eŋu be: ‘Mexɔe se be afɔ le tsitretsitsi la me.’ Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.”

Marta yi Maria gbɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Yesu va.’ Maria ƒu du yi Yesu gbɔ eye ameha la kplɔe ɖo. Eva dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu eye wòle avi fam. Maria gblɔ be: ‘Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne mía nɔvia meku o!’ Yesu kpɔ ale si gbegbe wònɔ nu xamee, eye eya hã fa avi. Esi amehaawo kpɔ eya hã wònɔ avi fam la, wogblɔ be: ‘Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃ Lazaro ɖa.’ Gake ame aɖewo nɔ biabiam be: ‘Nu ka tae mexɔ na exɔlɔ̃a o?’ Nu kae Yesu awɔ?

Yesu yi yɔdoa to, afi si wotsɔ kpe gã aɖe xe yɔdoa nu le. Eɖe gbe be: ‘Mimli kpe la ɖa.’ Marta gblɔ be: ‘Egbee nye ŋkeke enea gbe! Eƒe kukua anɔ ʋeʋẽm.’ Gake womli kpea ɖa, eye Yesu do gbe ɖa be: ‘Fofo akpe be èɖoa tom. Menya be èɖoa tom ɣesiaɣi, gake mele egblɔm sesĩe ale be ameha si le afi sia nanyae be wòe dɔm.’ Eye wòdo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!” Nu wɔnuku aɖe dzɔ: Lazaro do go tso yɔdoa me, eye avɔ siwo woxatsa ɖe eŋu la ganɔ eŋu. Yesu gblɔ be: “Mitui, ne wòadzo.”

Ame siwo kpɔ nu sia teƒe dometɔ geɖe xɔ Yesu dzi se. Gake ame aɖewo yi ɖagblɔe na Farisitɔwo. Tso ema dzi la, Farisitɔwo di be yewoawu Lazaro kple Yesu siaa. Yuda Iskariot, si nye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka la, yi Farisitɔwo gbɔ le adzame eye wòbia wo be: ‘Nenie mianam ne mekpe ɖe mia ŋu mieke ɖe Yesu ŋu?’ Wolɔ̃ be yewoana klosalo blaetɔ̃ Yuda, eya ta Yuda nɔ ale si wòawɔ ade Yesu asi na Farisitɔwo la dim.

“Mawu vavã la nye Mawu si xɔna na ame; eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae ɖea ame tso ku si me.”—Psalmo 68:20