Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 88

Wolé Yesu

Wolé Yesu

Yesu kple eƒe apostoloawo to Kidron Bali la me yi Amitoa dzi. Zã ga wuieve ƒo to eŋu eye dzinua sɔ tegblẽe. Esi wova ɖo Getsemane-bɔa me la, Yesu gblɔ na wo be: “Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ.” Yesu dzo yi ŋgɔ vie le abɔa me eye wòdze klo. Elé blanui eye wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Wò lɔlɔ̃nu nava eme.” Eye Yehowa dɔ mawudɔla aɖe wòva do ŋusẽ Yesu. Esi Yesu trɔ va apostoloawo gbɔ la, ekpɔ be wo dometɔ etɔ̃ nɔ alɔ̃ dɔm. Egblɔ be: ‘Minyɔ! Menye ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm o! Gaƒoƒo la de be woatsɔm ade asi na nye futɔwo.’

Medidi o, Yuda kplɔ ame gbogbo siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi la va do. Enya afi si wòakpɔ Yesu le elabe woyina abɔ ma me enuenu. Yuda gblɔ na asrafoawo be yeafia Yesu wo. Ezɔ tẽe yi Yesu gbɔ eye wògblɔ be: ‘Medo gbe na wò, Nufiala,’ eye wògbugbɔ nu nɛ. Yesu biae be: ‘Yuda, ɖe nèle nu gbugbɔm nam be yeatsɔ adem asia?’

Yesu zɔ va ŋgɔ eye wòbia ameawo be: “Ame ka dim miele?” Woɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Eye wògblɔ be: “Nyee nye esi,” eye ameawo te yi megbe hedze anyi. Yesu gabia ameawo be: “Ame ka dim miele?” Wogaɖo eŋu ake be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Yesu gblɔ be: ‘Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta mina ame siawo ya nadzo.’

Esi Petro kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, eɖe yi eye wòkpa to na Malko si nye nunɔlagã la ƒe subɔvi. Gake Yesu ka asi ŋutsua ƒe to ŋu eye wòda gbe le eŋu. Emegbe egblɔ na Petro be: ‘Gbugbɔ yi la de eteƒe. Ne ètsɔ yi ɖe ame ŋu la àku atsi yi nu.’ Asrafoawo lé Yesu, wobla eƒe asiwo eye apostoloawo si dzo. Ameawo kplɔ Yesu yi nunɔlagã Ana gbɔ. Ana bia gbe Yesu eye wòɖoe ɖe Nunɔlagã Kayafa ƒe aƒe me. Ke nu kae dzɔ ɖe apostoloawo dzi?

“Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.”—Yohanes 16:33