Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 96

Yesu Tia Saul

Yesu Tia Saul

Saul nye Romatɔ si wodzi le Tarso. Enye Farisitɔ, si nya Yudatɔwo ƒe Sea nyuie, eye elé fu Kristotɔwo. Ehea Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo doa goe tso woƒe aƒewo me, eye wònana wodea wo gaxɔ me. Enɔ eteƒe esime nu vlo wɔha aɖe ƒu kpe nusrɔ̃la Stefano wòku.

Ke hã, Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem dede gaxɔ me ɖeɖe mesɔ gbɔ na Saul o. Ebia tso nunɔlagã la si be wòana yeayi Damasko ale be yealé Kristotɔ siwo le afi ma. Esi Saul gogo dua la, kekeli aɖe klẽ ƒo xlãe, eye wòdze anyi ɖe anyigba. Ese gbe aɖe gblɔ be: ‘Saul, nu ka tae nèle yonyeme tim?’ Saul bia be: ‘Wò ame kae?’ Gbea ɖo eŋu nɛ be: ‘Nye Yesue. Yi Damasko, eye woagblɔ nu si nàwɔ la na wò.’ Saul ƒe ŋkuwo tsi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wòhiã be ame aɖe nalé eƒe alɔnu akplɔe ayi ɖe dua me.

Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko. Yesu gblɔ nɛ le ŋutega me be: ‘Yi ɖe Yuda ƒe aƒe me le mɔ si woyɔna be Dzɔdzɔe la dzi, eye nàbia Saul ta.’ Anania gblɔ be: ‘Aƒetɔ, mese nya geɖe tso ŋutsu ma ŋu! Eléa wò nusrɔ̃lawo dea gaxɔ me!’ Gake Yesu gblɔ nɛ be: ‘Yi egbɔ. Metia Saul be wòaɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔ geɖewo.’

Anania yi Saul gbɔ eye wògblɔ nɛ be: ‘Nɔvinye Saul, Yesu dɔm ɖe gbɔwò be maʋu wò ŋkuwo.’ Enumake Saul gakpɔ nu. Esrɔ̃ nu tso Yesu ŋu eye wòva zu eyomedzela. Fifia esi wonyrɔ Saul wòzu Kristotɔ la, edze gbeƒãɖeɖe gɔme le ƒuƒoƒewo, abe ehati Kristotɔ susɔeawo ke ene. Kpɔ ale si wòawɔ nuku na Yudatɔwo be woakpɔ Saul wòanɔ nu fiam amewo tso Yesu ŋu la le susu me ɖa? Wogblɔ be: ‘Ðe menye ŋutsu sia kee tia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo yome oa?’

Saul ɖe gbeƒã na ame siwo nɔ Damasko la ƒe etɔ̃ sɔŋ. Yudatɔwo lé fu Saul eye wowɔ ɖoɖo be yewoawui. Gake nɔviawo se nu tso nugbeɖoɖoa ŋu eye wokpe ɖe eŋu wòsi. Wotsɔe de kusi aɖe me eye woɖiɖii to do aɖe si le dua ƒe gli me la me.

Esi Saul yi Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple nɔvi siwo le afi ma. Gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ. Eya ta nusrɔ̃la dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Barnaba la kplɔ Saul va apostoloawo gbɔ, eye wòka ɖe edzi na wo be Saul trɔ vavã. Saul wɔ ɖeka kple hame si le Yerusalem eye woɖe gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe. Emegbe wova yɔe be Paulo.

“Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo. Nyee nye ame siawo dometɔ gãtɔ.”—1 Timoteo 1:15