Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 98

Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me

Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me

Apostoloawo wɔ ɖe se si Yesu de na wo be woaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa dzi la dzi. Le ƒe 47 K.Ŋ. la, nɔvi siwo le Antiokia dɔ Paulo kple Barnaba ɖa be woava ɖe gbeƒã. Gbeƒãɖela dovevienu eve siawo ɖe gbeƒã le Asia Sue katã yi teƒe siwo nye Derbe, Listra kple Ikonio.

Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã na ame sia ame, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Ame geɖe xɔ Kristo ŋuti nyateƒea dzi se. Esi Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã na Kipro nuto gã dziɖula Sergio Paulo la, dzotɔ aɖe te kpɔ be yeaxe mɔ na wo. Paulo gblɔ na dzotɔ la be: ‘Yehowa lé fu wò.’ Enumake dzotɔa ƒe ŋkuwo tsi. Esi Nuto Gã Dziɖula Paulo kpɔ esia la, eva xɔ Mawu dzi se.

Paulo kple Barnaba ɖe gbeƒã le afi sia afi, tso aƒe me yi aƒe me, le asiwo me, le mɔ dzi kple ƒuƒoƒewo. Esi woda dɔ na lãmetututɔ aɖe le Listra la, ame siwo kpɔ nukunu sia teƒe susui be mawuwoe wonye, eye wote kpɔ be yewoade ta agu na wo. Gake Paulo kple Barnaba gbee na wo hegblɔ be: ‘Mide ta agu na Mawu ɖeka ko! Amegbetɔwo ko míenye.’ Emegbe Yudatɔ aɖewo va na be ameawo trɔ ɖe Paulo ŋu. Ameawo ƒu kpe Paulo, wohee yi dua godo eye wogblẽe ɖi be wòaku. Ke hã, Paulo meku o! Nɔviawo va xɔ nɛ enumake eye wokplɔe yi dua me. Emegbe Paulo trɔ yi Antiokia.

Le ƒe 49 K.Ŋ. la, Paulo gazɔ mɔ ake. Esi wòtrɔ yi va kpɔ nɔvi siwo le Asia Sue ɖa vɔ megbe la, etsɔ nya nyuia yi didiƒe le Europa. Eyi Atene, Efeso, Filipi, Tesalonika kple teƒe bubuwo. Sila, Luka kple ɖekakpui dzaa aɖe si ŋkɔe nye Timoteo la nɔ Paulo ŋu le eƒe mɔzɔzɔa me. Wowɔ dɔ ɖekae ɖo hamewo eye wokpe ɖe hameawo ŋu woli ke. Paulo nɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã eye wònɔ ŋusẽ dom nɔviawo le afi ma. Eɖe gbeƒã, fia nu, eye wòŋlɔ lɛta na hame geɖewo. Ewɔ dɔ bubu aɖe hã si nye avɔgbadɔwo wɔwɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paulo trɔ yi Antiokia.

Emegbe le ƒe 52 K.Ŋ. la, Paulo dze eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia gɔme tso Asia Sue. Ezɔ mɔ yi Filipi si le keke dziehe ke eye emegbe wòva Korinto. Paulo nɔ Efeso ƒe geɖe eye wònɔ nu fiam, nɔ dɔ dam na amewo, eye wònɔ kpekpem ɖe hamea ŋu. Azɔ hã, eƒoa nuƒowo le suku aɖe ƒe takpexɔ me gbe sia gbe. Ame geɖe ɖo toe eye wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Mlɔeba esi Paulo ɖe gbeƒã le dukɔ geɖewo me vɔ la, etrɔ yi Yerusalem.

“Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mateo 28:19