Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 101

Wokplɔ Paulo Yi Roma

Wokplɔ Paulo Yi Roma

Paulo wu eƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu le Yerusalem. Le afi ma la, wolée de gaxɔ me. Yesu gblɔ nɛ le ŋutega aɖe me le zã me be: ‘Àyi Roma eye àɖe gbeƒã le afi ma.’ Wokplɔ Paulo tso Yerusalem yi Kaisarea, eye enɔ gaxɔ me le afi ma ƒe eve. Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Paulo le Nutodziɖula Festo ŋkume la, Paulo gblɔ be: ‘Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam le Roma.’ Festo gblɔ be: “Èbe Kaisaro negbugbɔ nya la drɔ̃ na ye; eya ta àyi Kaisaro gbɔ.” Wode Paulo tɔdziʋu aɖe si yina Roma, eye Kristotɔ eve siwo nye Luka kple Aristarko yi kplii.

Le ƒua dzi la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe wo ŋkeke geɖe. Wo katã wosusu be yewoaku. Gake Paulo gblɔ be: ‘Mía tɔwo, mawudɔla aɖe gblɔ nam le drɔ̃e me be: “Paulo, mègavɔ̃ o. Àɖo Roma eye ame sia ame si le tɔdziʋua me kpli wò la, anɔ dedie.” Milé dzi ɖe ƒo! Míele kuku ge o.’

Ya sesẽ la ƒo ŋkeke 14 sɔŋ. Mlɔeba la, wokpɔ du aɖe. Malta ƒukpoe. Tɔdziʋu la lɔ kekpo eye wòkaka kakɛkakɛ, gake ame 276 la katã siwo nɔ tɔdziʋua me la te ŋu ɖi go dedie. Wo dometɔ aɖewo ƒu tsia, eye bubuwo ku ɖe tɔdziʋu gbagbãa ƒe kakɛawo ŋu ɖi go. Ame siwo nɔ Malta dua me la lé be na wo eye wodo dzo na wo be woaƒu.

Le ɣleti etɔ̃ megbe la, asrafoawo de Paulo tɔdziʋu bubu kplɔe yi Roma. Esi wòɖo afi ma la, nɔviawo va kpee. Esi Paulo kpɔ nɔviawo la, eda akpe na Yehowa eye dzi ɖo eƒo. Togbɔ be Paulo nye gamenɔla hã la, woɖe mɔ nɛ be wòanɔ aƒe aɖe si wòhaya la me eye asrafo aɖe nadzɔ eŋu. Enɔ afi ma ƒe eve. Amewo va srãnɛ kpɔ eye wòɖea gbeƒã na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu eye wòfiaa nu wo tso Yesu ŋu. Azɔ hã, Paulo ŋlɔ lɛtawo na hame siwo le Asia Sue kple Yudea. Nyateƒee, Yehowa zã Paulo wòɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo.

“Míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo, le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le fukpekpewo me.”—2 Korintotɔwo 6:4