Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 1 Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 1 Ƒe Ŋgɔdonya

Wodze Biblia me ŋutinyawo gɔme kple nu siwo Mawu wɔ la ŋu nyawo eye esia na míekpɔ nu nyui siwo Yehowa wɔ le dziƒo kple anyigba dzi. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ nu vovovo siwo Mawu wɔ la adze sii. Ƒo nu tso ale si Mawu wɔ amegbetɔwo wode ŋgɔ wu lãwo sãsãsã, eye wòna míeƒoa nu, bua tame, toa nuwo vɛ, dzia ha, eye míedoa gbe ɖa ŋu. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ, nunya kple vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ na eƒe nuwɔwɔwo katã, siwo dome míawo hã míele la ŋu.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 1

Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba

Biblia gblɔ be Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Gake ɖee nènya mawudɔla si wòwɔ gbã hafi wɔ amegbetɔwo kple nu bubuwoa?

NUSƆSRƆ̃ 2

Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ eye wòtsɔ wo da ɖe Eden-bɔa me. Edi be woaɖo ƒome anyi ahakeke paradisoa ɖe enu wòaxɔ anyigba katã dzi.