Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 2 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 2 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Nu ka tae Yehowa na tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi? Tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, nyui kple vɔ̃ ƒe ʋiʋli aɖe dze egɔme. Ame aɖewo abe Adam, Xawa kple wo viŋutsu Kain tiae be yewoawɔ nu vɔ̃. Ame bubuwo abe Abel kple Noa ene ya tiae be yewoawɔ nu nyui. Ame geɖe va vɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma. Akpa sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be Yehowa kpɔa nu siwo míewɔna eye maɖe mɔ vɔ̃ naɖu nyui dzi gbeɖe o.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 3 3

Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O

Nu kae na ati ɖeka aɖe si nɔ Eden-bɔa titina la nɔ etɔxɛ? Nu ka tae Xawa gbe atikutsetsea heɖu?

NUSƆSRƆ̃ 4

Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia

Mawu xɔ Abel ƒe nunanaa gake mexɔ Kain ya tɔ o. Esi Kain va de dzesii la, edo dziku vevie eye wòwɔ nu dziŋɔ aɖe.

NUSƆSRƆ̃ 5

Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Esi mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖi va ɖe anyigbadzinyɔnuwo la, wodzi ŋutsuvi siwo va zu ame dzɔatsu tagbɔsẽlawo. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ anyigba katã dzi. Gake Noa ya to vovo—elɔ̃ Mawu eye wòɖo toe.

NUSƆSRƆ̃ 6

Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me

Tsi dza ŋkeke 40 kple zã 40 eye tsi ɖɔ ɖe anyigba la dzi. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖaka la me wu ƒe ɖeka sɔŋ. Mlɔebaa wodo le aɖaka la me.