Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 3 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 3 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, ame ʋɛ aɖewo siwo subɔa Yehowa la ŋu koe Biblia ƒo nu tsoe. Ame siwo subɔe la dometɔ ɖekae nye Abraham, si woyɔ be Yehowa xɔlɔ̃. Nu ka tae woyɔe be Yehowa xɔlɔ̃? Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be Yehowa tsɔ ɖe le eme nɛ eye wòdi be yeakpe ɖe eŋu. Abe Abraham kple nuteƒewɔla bubuwo abe Lot kple Yakob ene la, míate ŋu abia Yehowa faa be wòakpe ɖe mía ŋu. Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi be awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 7

Babel Xɔ Kɔkɔ La

Ame aɖewo dze agbagba be yewoatso du ahatu xɔ kɔkɔ aɖe si tame atɔ dziƒo. Nu ka tae Mawu na wodo gbegbɔgblɔ vovovowo?

NUSƆSRƆ̃ 7

Abraham Kple Sara Ðo To Mawu

Nu ka tae Abraham kple Sara ɖe asi le woƒe aƒe si le dugã la me ŋu heva zu tsatsalawo le Kanaan-nyigba dzi?

NUSƆSRƆ̃ 9

Edzi Vi Azɔ!

Mɔ ka dzie Mawu ato ana ŋugbe si wòdo to Abraham dzi nava eme? Abraham ƒe viwo dometɔ ka dzie wòato—Isak loo alo Ismael?

NUSƆSRƆ̃ 10

Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi

Mawu na dzo kple dzokpe dza ɖe Sodom kple Gomora dzi. Nu ka tae wòtsrɔ̃ du mawo? Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi?

NUSƆSRƆ̃ 11

Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Mawu gblɔ na Abraham be: ‘Meɖe kuku, kplɔ viwò ɖeka kolia la, eye nàtsɔe asa vɔ le to aɖe dzi le Moriya-nyigba dzi.’ Aleke Abraham awɔ anɔ te le xɔse ƒe dodokpɔ sia nu?

NUSƆSRƆ̃ 12

Yakob Xɔ Domenyinu La

Isak kple Rebeka dzi venɔvi siwo ŋkɔe nye Esau kple Yakob. Esi wònye Esau ye wodzi gbã ta la eyae dze be wòaxɔ domenyinua. Nu ka tae wòɖe asi le eŋu le nuɖuɖu agba ɖeka ta?

NUSƆSRƆ̃ 13

Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa

Mɔ ka dzie Yakob to be mawudɔla aɖe yrae? Eye aleke wòwɔ ŋutifafa kple Esau?