Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 4 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 4 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa sia ƒo nu tso Yosef, Hiob, Mose kple Israel-viwo ŋu. Wo katã wokpe fu le Abosam si me. Wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu, wode ɖewo gaxɔ me, ɖewo nye kluviwo, eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake Yehowa to mɔ vovovowo dzi kpɔ wo ta. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si Yehowa subɔla mawo to fukpekpewo me gake woƒe xɔse megbɔdzɔ o.

Yehowa to Fuwɔame Ewoawo dzi ɖee fia be ŋusẽ le ye ŋu wu Egipte mawuwo katã. Te gbe ɖe ale si Yehowa kpɔ eƒe amewo ta le blema kple ale si wòkpɔa wo ta egbea hã la dzi.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 14

Kluvi Aɖe Si Ðo To Mawu

Yosef medze agɔ aɖeke o, ke hã ekpe fu geɖe. Nu ka tae?

NUSƆSRƆ̃ 15

Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O

Togbɔ be Yosef nɔ teƒe didi aɖe tso eƒe ƒomea gbɔ hã la, Mawu ɖee fia be yeli kplii.

NUSƆSRƆ̃ 16

Ame Kae Nye Hiob?

Eɖo to Yehowa togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo me hã.

NUSƆSRƆ̃ 17

Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa

Wokpɔ Mose ta elabena dadaa dze aye.

NUSƆSRƆ̃ 18

Ave Si Le Bibim

Nu ka tae dzoa mefiã avea o?

NUSƆSRƆ̃ 19

Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo

Farao he vɔ̃ va eƒe amewo dzi elabe egbe nu sue si wobia tso esi la wɔwɔ dadatɔe.

NUSƆSRƆ̃ 20

Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo

Mɔ ka nue fuwɔame siawo to vovo tso gbãtɔ etɔ̃awo gbɔ le?

NUSƆSRƆ̃ 21

Fuwɔame Ewolia

Fuwɔame sia gblẽ nu le wo ŋu ale gbegbe be Farao dadalaa gɔ̃ hã na ta.

NUSƆSRƆ̃ 22

Nukunu Si Dzɔ Le Ƒudzĩa To

Farao meku le fuwɔame ewoawo me o gake ɖe wòtsi agbe le Mawu ƒe nukunu sia mea?