Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 5 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 5 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Esi Israel-viwo tso Ƒudzĩa dzinu eve megbe la, wova ɖo Sinai Toa gbɔ. Yehowa bla nu kple Israel-viwo be woanye dukɔ tɔxɛ na ye le afi ma. Ekpɔ wo ta eye wòna nu sia nu si hiã wo la wo. Ena mana wo woɖu, woƒe awuwo mevuvu o, eye wòna wonɔ teƒe si nɔ dedie. Ne dzilae nènye la, kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ nu si tae Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo, wòna wotu avɔgbadɔa eye wòɖo nunɔlawo na wo la adze sii. Te gbe ɖe ale si wòle vevie be míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi, míabɔbɔ mía ɖokui eye míawɔ nuteƒe na Yehowa ɣesiaɣi la dzi.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 23

Wodo Ŋugbe Na Yehowa

Israel-viwo do ŋugbe vevi aɖe na Mawu esime wonɔ Sinai Toa gbɔ.

NUSƆSRƆ̃ 24

Womewɔ Ðe Ŋugbe Si Wodo La Dzi O

Esi Mawu nɔ Se Ewoawo tsɔm na Mose la, ameawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe.

NUSƆSRƆ̃ 25

Wotu Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

Nubablaɖaka la nɔ agbadɔ tɔxɛ sia me.

NUSƆSRƆ̃ 26

Ŋkutsala Wuieveawo

Yosua kple Kaleb to vovo tso ŋkutsala ewo siwo yi ɖatsa ŋku le Kanaan la gbɔ.

NUSƆSRƆ̃ 27

Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu

Kora, Datan, Abiram kple ame 250-awo gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ye le eƒe amewo kplɔm o.

NUSƆSRƆ̃ 28

Bileam Ƒe Tedzi Ƒo Nu

Tedzia kpɔ ame aɖe si Bileam ya mekpɔ o.