Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 6 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 6 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Esi Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mlɔeba la, avɔgbadɔa va zu teƒe si koŋ wodea ta agu na Mawu le. Nunɔlawoe fiaa Se la eye ʋɔnudrɔ̃lawo fiaa mɔ dukɔ la. Akpa sia ana míakpɔ ale si ame aɖewo ƒe nuwɔna kple ale si wotso nya mee la kpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii. Ele be Israel-vi ɖe sia ɖe nawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi eye wòalɔ̃ ehavi. He susu yi ŋusẽ si Debora, Naomi, Yosua, Hana, Yefta vinyɔnua kple Samuel ƒe nuwɔnawo kpɔ ɖe ame bubuwo dzi la dzi. Te gbe ɖe edzi be ame siwo menye Israel-viwo o abe Rahab, Rut, Yael kple Gibeontɔwo ene va wɔ ɖeka kple Israel-viwo elabena wonya be Mawu li kpli wo.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 29

Yehowa Tia Yosua

Mawu na mɔfiame aɖewo Yosua siwo ate ŋu aɖe vi na míawo ha egbea.

NUSƆSRƆ̃ 30

Rahab Ɣla Ŋkutsalawo

Yeriko gliawo mu gbloo. Gake Rahab ƒe aƒe si wotu ɖe Yeriko glia dzi ya memu o.

NUSƆSRƆ̃ 31

Yosua Kple Gibeontɔwo

Yosua do gbe ɖa na Mawu be: “Ɣe, tɔ ɖe teƒe ɖeka!” Ðe Mawu ɖo eŋua?

NUSƆSRƆ̃ 32

Kplɔla Yeye Kple Nyɔnu Eve Siwo Mevɔ̃na O

Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel-viwo gasubɔ trɔ̃wo. Agbea sesẽ na wo, gake Ʋɔnudrɔ̃la Barak, nyɔnunyagblɔɖila Debora kple Yael kpakple eƒe agbadɔ kple tsyoti ye xɔ na wo!

NUSƆSRƆ̃ 33

Rut Kple Naomi

Nyɔnu eve aɖewo siwo srɔ̃wo ku la trɔ va Israel-nyigba dzi. Nyɔnuawo dometɔ si ŋkɔe nye Rut yi ɖawɔ dɔ le agble aɖe me, afi wòdo go Boaz le.

NUSƆSRƆ̃ 34

Gideon Ðu Midiantɔwo Dzi

Esi Midiantɔwo na agbea sesẽ na Israel-viwo la woɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Aleke Gideon ƒe aʋawɔla suea wɔ hafi ɖu aʋawɔla 135,000 sɔŋ dzi?

NUSƆSRƆ̃ 35

Hana Do Gbe Ða Bia Ŋutsuvi

Elkana kplɔ Hana, Penina kple eƒe ƒomea yi be woade ta agu le avɔgbadɔa me le Silo. Le afi ma la Hana do gbe ɖa bia ŋutsuvi. Le ƒe ɖeka megbe la, edzi Samuel!

NUSƆSRƆ̃ 36

Ŋugbe Si Yefta Do

Ŋugbe kae Yefta do, eye nu ka tae? Aleke Yefta vinyɔnua wɔ nu ɖe ŋugbe si fofoa do la ŋu?

NUSƆSRƆ̃ 37

Yehowa Ƒo Nu Kple Samuel

Nunɔlagã Eli viŋutsu eve siwo nye nunɔlawo la le subɔsubɔm le avɔgbadɔa me, gake womewɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi o. Samuel ɖevi la ya to vovo eye Yehowa ƒo nu kplii.

NUSƆSRƆ̃ 38

Yehowa Na Ŋusẽ Samson

Mawu na ŋusẽ Samson be wòatsɔ awɔ aʋa kple Filistitɔwo, gake esi Samson wɔ nyametsotso gbegblẽ aɖe la, Filistitɔwo va lée dzoe.