Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 7 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 7 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa sia ƒo nu tso Fia Saul kple Fia David ƒe ŋutinya si ƒe didime ade ƒe 80 la ŋu. Le gɔmedzezea la, Saul bɔbɔ eɖokui eye wòvɔ̃a Mawu, gake eteƒe medidi o eƒe nɔnɔme trɔ eye wògbe be yemawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o. Yehowa gbee, eye wògblɔ na Samuel be wòasi ami na David wòazu Israel-fia yeye. Saul si nɔ ŋu ʋãm te kpɔ zi geɖe be yeawu David, gake David meɖo eteƒe nɛ o. Saul viŋutsu Yonatan nya be Yehowa ye tia David, eya ta ewɔ nuteƒe na David. David wɔ nu vɔ̃ gãwo, gake megbe Yehowa ƒe amehehe gbeɖe o. Ne dzilae nènye la kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si wòle vevie be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 39

Israel-fia Gbãtɔ

Mawu ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woakplɔ wo, gake wobia be woaɖo fia na yewo. Samuel si ami na Saul be wòanye fia gbãtɔ, gake emegbe Yehowa gbe Saul. Nu ka tae?

NUSƆSRƆ̃ 40

David Kple Goliat

Yehowa tia David be wòanye Israel-fia yeye, eye David ɖee fia be yedze nyateƒe.

NUSƆSRƆ̃ 41

David Kple Saul

Nu ka tae ŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka lé fu nɔvia, eye aleke ame si wolé fui la wɔ nui?

NUSƆSRƆ̃ 42

Nuteƒewɔla Yonatan Si Mevɔ̃na O

Fia viŋutsua dze xɔlɔ̃ David.

Fia David Wɔ Nu Vɔ̃

Nyametsotso gbegblẽwo wɔwɔ nana wokpea fu.