Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 9 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 9 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa sia ƒo nu tso ɖeviwo, nyagblɔɖilawo kple fia siwo xɔ Yehowa dzi se le mɔ wɔnukuwo nu la ŋu. Israel nyɔnuvi aɖe si nɔ Siria-nyigba dzi la xɔe se be Yehowa ƒe nyagblɔɖila ate ŋu ada dɔ na Naaman. Nyagblɔɖila Elisa ka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ ye ta tso aʋawɔla siwo nye eƒe futɔwo la si me. Nunɔlagã Yehoyada de eƒe agbe afɔku me tsɔ kpɔ Yehoas ta le eƒe ɖevime tso mamaa vɔ̃ɖi Ataliya si me. Fia Hizkiya ka ɖe edzi be Yehowa axɔ na Yerusalem eye mevɔ̃ Asiriatɔwo ƒe ŋɔdzidodoa o. Fia Yosiya ɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa le anyigba la dzi, eɖɔ gbedoxɔa ɖo eye wòna dukɔa gatrɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 51

Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La

Israel nyɔnuvi aɖe le Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ la ŋu nya gblɔm na eƒe aƒenɔ—nu wɔnuku aɖee do go tso eme.

NUSƆSRƆ̃ 52

Yehowa Ƒe Aʋakɔ Dziŋɔ La

Nu si na Elisa ƒe subɔvi va kpɔe be ‘ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le wo dzi.’’

NUSƆSRƆ̃ 53

Dzi Nɔ Yehoyada Ƒo

Nunɔla nuteƒewɔla aɖe tsi tre ɖe fianyɔnu vɔ̃ɖi aɖe ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 54

Yehowa Gbɔ Dzi Ði Na Yona

Aleke wòdzɔe be tɔmelã gã aɖe mi Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe? Aleke wòwɔ do go? Eye nu kae wòsrɔ̃ tso Yehowa gbɔ?

NUSƆSRƆ̃ 55

Yehowa Ƒe Dɔla Aɖe Kpɔ Hizkiya Ta

Yudatɔwo ƒe futɔwo gblɔ be Yehowa makpɔ eƒe amewo ta o, gake woda ƒu!

NUSƆSRƆ̃ 56

Yosiya Lɔ̃ Mawu Ƒe Se La

Yosiya zu Yuda-fia esime wòxɔ ƒe enyi, eye wòkpe ɖe eƒe amewo ŋu wosubɔ Yehowa.