Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 12 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 12 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Yesu fia nu amewo tso Dziƒofiaɖuƒe la ŋu. Efia nu wo hã be woado gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti, woabia be Mawu Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Ne dzilae nènye la, ekema ɖe ale si gbedodoɖa sia aɖe vi na míi la me na viwòa. Yesu meɖe mɔ na Satana wògblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o. Yesu tia eƒe apostolowo, eye woawoe va zu Fiaɖuƒea me tɔ gbãtɔwo. Na viwòa nanya ale si dzo nɔ Yesu me ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Esi Yesu di be yeakpe ɖe amewo ŋu ta la, eda dɔ na dɔnɔwo, na nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Eto nukunu siawo katã dzi ɖe nu si Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo la fia.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 74

Yesu Zu Mesia La

Nya si Yohanes gblɔ be, Yesue nye Mawu ƒe Alẽvi la gɔme ɖe?

NUSƆSRƆ̃ 75

Abosam Te Yesu Kpɔ

Zi etɔ̃ sɔŋ Abosam te Yesu kpɔ. Tetekpɔ etɔ̃awoe nye ekawo? Aleke Yesu ɖo nyawo ŋui?

NUSƆSRƆ̃ 76

Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu

Nu ka tae Yesu nya lãwo le gbedoxɔa me, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi?

NUSƆSRƆ̃ 77

Nyɔnu Si Va Vudoa To

Ewɔ nuku na Samaria-nyɔnua be Yesu ƒo nu na ye. Nu ka tae? Nya kae Yesu gblɔ nɛ si megblɔ na ame aɖeke o?

NUSƆSRƆ̃ 78

Yesu Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia

Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo be woava nye ‘ameɖelawo.’ Emegbe ena hehe eyomedzela 70 aɖewo be woaɖe gbeƒã nya nyuia.

NUSƆSRƆ̃ 79

Yesu Wɔ Nukunu Geɖe

Afi sia afi si wòyi la, dɔnɔwo va egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye eda dɔ na wo. Efɔ nyɔnuvi sue aɖe gɔ̃ hã ɖe tsitre.

NUSƆSRƆ̃ 80

Yesu Tia Apostolo Wuieve

Dɔ kae wòtia wo be woawɔ? Èɖo ŋku woƒe ŋkɔwo dzia?

NUSƆSRƆ̃ 81

Todzimawunya La

Yesu fia nu vevi aɖewo ame gbogbo aɖewo siwo va ƒo ƒu.

NUSƆSRƆ̃ 82

Yesu Fia Eƒe Nusrɔ̃lawo Ale Si Woado Gbe Ða

Nu kawoe Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be ‘woadi’?

NUSƆSRƆ̃ 83

Yesu Na Nuɖuɖu Ame Akpe Geɖe

Nu kae nukunu sia fia mí tso Yesu kple Yehowa ŋu?

NUSƆSRƆ̃ 84

Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi

Bu ale si apostoloawo ase le wo ɖokui me esi wokpɔ nukunu sia ŋu kpɔ?

NUSƆSRƆ̃ 85

Yesu Da Dɔ Na Ame Aɖe Le Sabat Dzi

Nu ka tae menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe nu si wɔm Yesu nɔ ŋu o?

NUSƆSRƆ̃ 86

Yesu Fɔ Lazaro Ðe Tsitre

Esi Yesu kpɔ Maria wònɔ avi fam la, eya hã te avi fafa. Gake eteƒe medidi o woƒe aɖatsiwo trɔ zu dzidzɔ.