Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa 14 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Akpa 14 Lia Ƒe Ŋgɔdonya

Kristotɔ gbãtɔawo ɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia yi anyigba ƒe seƒe ke. Yesu fia afi si woaɖe gbeƒã le la wo eye wòkpe ɖe wo ŋu nukutɔe wofia nu amewo le wo degbe me. Yehowa na wo dzideƒo kple ŋusẽ be woaɖu yometiti sesẽwo dzi.

Yesu na apostolo Yohanes kpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega aɖe me. Le ŋutega bubu me la, Yohanes kpɔ Dziƒofiaɖuƒea wòɖu Satana dzi eye wòxɔ ŋusẽ le esi tegbee. Yohanes kpɔ Yesu wònɔ Fia ɖum eye eƒe hatidziɖula ame 144,000-awo le eŋu. Yohanes gakpɔ anyigba bliboa wòzu paradiso. Ame sia ame le Yehowa subɔm le ŋutifafa me eye wowɔ ɖeka.

LE AKPA SIA

NUSƆSRƆ̃ 94

Nusrɔ̃lawo Xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea

Ŋusẽ wɔnuku kae gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo?

NUSƆSRƆ̃ 95

Naneke Mete Ŋu Xe Mɔ Na Wo O

Subɔsubɔhakplɔla siwo wu Yesu la dze agbagba be yewoana nusrɔ̃lawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Gake womate ŋui o.

NUSƆSRƆ̃ 96

Yesu Tia Saul

Saul lé fu Kristotɔwo vevie, gake eteƒe madidi o atrɔ.

NUSƆSRƆ̃ 97

Wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ðe Kornelio Dzi

Nu ka tae Yehowa dɔ Petro be wòayi ŋutsu sia si menye Yudatɔ o la ƒe aƒe me?

NUSƆSRƆ̃ 98

Kristotɔwo Dzi Ðe Edzi Ðo Dukɔ Geɖe Me

Apostolo Paulo kple ehati dutanyanyuigblɔlawo dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le teƒe didiwo.

NUSƆSRƆ̃ 99

Gaxɔdzikpɔla Aɖe Srɔ̃ Nyateƒea

Akpa kae gbɔgbɔ aɖe, anyigbaʋuʋu, kple yi aɖe wɔ le ŋutinya sia me?

NUSƆSRƆ̃ 100

Paulo Kple Timoteo

Wo ame evea wɔ dɔ ɖekae abe xɔlɔ̃wo kple hatisubɔlawo ene ƒe geɖe.

NUSƆSRƆ̃ 101

Wokplɔ Paulo Yi Roma

Mɔa zɔzɔ menɔ bɔbɔe o, gake naneke mete ŋu xe mɔ na apostolo sia o.

NUSƆSRƆ̃ 102

Nu Siwo Woɖe Fia Yohanes

Yesu ɖe ŋutega aɖewo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la fiae.

NUSƆSRƆ̃ 103

“Wò Fiaɖuƒe Nava”

Nu siwo woɖe fia Yohanes na míekpɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ana nuwo natrɔ le anyigba dzi.