HADZIDZI 1
Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo
-
1. Oo Yehowa, wò ŋusẽ tri’akɔ loo!
Ɛ̃, gbɔwòe agbe kple kekeli dzɔ tso.
Nuwɔwɔwo ɖea wò gãnyenye fia;
Wò’asinudɔwo anɔ’anyi ɖaa.
-
2. Èle fia ɖum le dzɔdzɔenyenye me.
Èna míenya wò sedede dzɔdzɔeawo.
Wò nunya gã dze le wò Nya la me;
Míaɖe gbeƒãe na ame sia ’me.
-
3. Mawu, wò lɔlɔ̃ gã ɖe dzesi loo!
Nu nyui si’o katã nèna mí la sɔ gbɔ.
Míasrɔ̃ wò nɔnɔmewo gbe sia gbe,
Akafu wò ŋkɔ gã la tegbee.
(Kpɔ Ps. 36:9; 145:6-13; Nyagb. 3:14; Yak. 1:17 hã.)