Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 4

“Yehowae Nye Kplɔlanye”

“Yehowae Nye Kplɔlanye”

(Psalmo 23)

  1. 1. Yehowa ye nye Kplɔlanye;

    Eya yome ko manɔ.

    Enya nye dzimedidi’o katã;

    Enya nye nuhiahiãwo.

    Gbɔɖemeƒe wòkplɔam yina,

    ’Fi si menɔa dedie le.

    Ekplɔnam le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi,

    Be nye dzi nadze ’me ɖaa.

    Ekplɔam le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi,

    Be nye dzi nadze ’me ɖaa.

  2. 2. Wò mɔwo katã le dzɔdzɔe,

    Wonana mekpɔa gbɔdzɔe.

    Ve nunye le wò ŋkɔ nyui la ta,

    Be magatra mɔ gbeɖe’o.

    Ne futɔwo dze dzinye hã,

    Nye Kplɔla gã la li kplim.

    Nyemavɔ̃ naneke kpɔ gbeɖe o,

    ’Labe wòe nye nye Mawu.

    Nyemavɔ̃ naneke gbeɖe o,

    ’Labe wòe nye nye Mawu.

  3. 3. Yehowa, wòe nye Kplɔlanye.

    Na manɔ yowòme ɖaa.

    Èdoa ŋusẽm le nye xaxa’o me;

    Èkpɔa nye hiahiã’o gbɔ nam.

    Zi ale si nèle agbe,

    Mɔkpɔkpɔ mabu ɖem o.

    Wò’amenuveve nanɔ dzinye ɖaa,

    Le nye agbe me katã.

    Wò’amenuveve nanɔ dzinye,

    Le nye agbe me katã.

(Kpɔ Ps. 28:9; 80:1 hã.)