Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 6

Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðem Fia

Dziƒowo Le Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe Ðem Fia

(Psalmo 19)

  1. 1. Dziƒowo gblɔa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.

    Eƒe dɔwɔwɔwo

    dziŋgɔli ɖea gbeƒãe.

    Ŋkeke sia ŋkeke kafua eƒe ŋkɔ.

    Zã sia zã ɖea eƒe nunya

    Kple lɔlɔ̃ gã fiana.

  2. 2. Yehowa ƒe se de blibo, naa agbe.

    Eƒe ŋkuɖodziwo

    fiaa mɔ mí gbe sia gbe.

    Eƒe nya kple afiatsotsowo dzɔ.

    Eƒe sedede’o vivina

    Wu anyitsi nyuitɔ.

  3. 3. Mawuvɔvɔ̃ dza eye wònɔa ’nyi ɖaa.

    Eƒe sededewo

    nyo wu sika nyuitɔ.

    Eƒe ɖoɖo’o kpɔa ’me si’o lɔ̃e la ta.

    Eƒe ŋkɔ gã míado ɖe dzi

    Nuteƒewɔwɔtɔe.