Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 12

Mawu Gã Yehowa

Mawu Gã Yehowa

(2 Mose 34:6, 7)

  1. 1. Ma’u gã Yehowa, wò ɖeka koe dze

    Na kafukafu gãtɔ,

    ’Labe wò mɔ’o katã dzɔ.

    Ŋusẽkatãtɔ, nunyala gãtɔ,

    Wòe nye Ma’u yi mavɔ me.

  2. 2. Fofo Yehowa, wò dɔmetɔtrɔ

    Kple wò nublanuikpɔkpɔ

    Ðea vi na mí gbe sia gbe.

    Èléa be na mí, nyoa dɔme na mí.

    Èfiaa mɔ mí ɣesiaɣi.

  3. 3. Dziƒo kpl’anyigba siaa akafu wò.

    Kafukafuha míadzi

    Ado wò ŋkɔ gã ɖe dzi.

    Ma’u gã Yehowa, wò ɖeka koe dze

    Na míaƒe kafukafu.