Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 18

Akpedada Ðe Tafea Ta

Akpedada Ðe Tafea Ta

(Luka 22:20)

  1. 1. Yehowa Mawu, míeva

    ŋkuwòme egbea

    Be míada ’kpe na

    wò ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ta.

    Ètsɔ Viwò lɔlɔ̃a

    na wòku ɖe mía ta.

    Esiae nye nunana

    gãtɔ kekeake na mí.

    (HAXE)

    Ètsɔ Viwò na ɖe mía ta

    Be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ me.

    Míada akpe na wò ɖe esia ta

    yi mavɔ me.

  2. 2. Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui

    na ɖe mía ta.

    Lɔlɔ̃ gã ka gbegbee nye esi

    wòɖe fia mí!

    Vɔsa gã sia na mɔkpɔkpɔ

    ameƒomea.

    Madidi o míavo tso

    nu vɔ̃ kple ku si me.

    (HAXE)

    Ètsɔ Viwò na ɖe mía ta

    Be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ me.

    Míada akpe na wò ɖe esia ta

    yi mavɔ me.