Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 24

Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

(Yesaya 2:2-4)

  1. 1. Mifɔ ta dzi miakpɔ

    Mawu ƒe to gã la ɖa.

    Ekɔ wu towo katã;

    Ma’u ƒe to la li ke.

    Egbeŋkekeawo me,

    Ame’o tso didiƒe ke

    Hele wo nɔviwo yɔm

    Be woava Mawu gbɔ.

    Ɣeyiɣia de azɔ,

    ’Me ʋɛwo azu dukɔ sesẽ.

    Esi míedzi ɖe ’dzi,

    Mawu ƒe yayrawo kpɔm míele.

    Ame miliɔn geɖe

    Le Mawu gbɔ vam fifia.

    Wodo ŋugbe nɛ be

    Yewoanɔ egbɔ tegbee.

  2. 2. Yesu gblɔ na mí be

    Míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea

    Na ’me’o le afi sia ’fi

    Ne woase dzidzɔnya.

    Ɛ̃, Kristo le fia ɖum

    Eye wòl’amewo kpem.

    Ame fafawo see

    ’Ye Ma’u ƒe Nyaa le wo kplɔm.

    Dzidzɔ wònye na mí

    Be ’meha gã le dzidzim ɖe ’dzi.

    Mí katãe le dɔa dzi

    Be amewo nanya nyateƒea.

    Mina míakɔ gbe dzi

    Anɔ amewo yɔm be:

    “Miva Ma’u ƒe to la dzi,

    Ne mianɔ ’gbɔ tegbee.”