Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 27

Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La

Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La

(Romatɔwo 8:19)

  1. 1. Ɣeyiɣi la de be Mawu

    Naɖe viawo afia.

    Wonye amesiamina si’o

    Aɖu dzi kple Kristo.

    (HAXE)

    Mawu vi’o ƒe ɖeɖefia la

    Ƒe ɣeyiɣia ɖo vɔ.

    Woawɔ ɖeka kple Kristo la

    Aɖu aʋa la dzi.

  2. 2. Esusɔ vie Mawu viwo

    Nase yɔyɔ mamlɛa.

    Woaƒo wo nu ƒu ɖe dziƒo

    Le Alẽvi la gbɔ.

    (HAXE)

    Mawu vi’o ƒe ɖeɖefia la

    Ƒe ɣeyiɣia ɖo vɔ.

    Woawɔ ɖeka kple Kristo la

    Aɖu aʋa la dzi.

    (DOMETSOHA)

    Azɔ Kristo kple nɔviawo

    Atsrɔ̃’ame vɔ̃ɖiwo.

    Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe

    Ayi edzi mlɔeba.

    (HAXE)

    Mawu vi’o ƒe ɖeɖefia la

    Ƒe ɣeyiɣia ɖo vɔ.

    Woawɔ ɖeka kple Kristo la

    Aɖu aʋa la dzi.