Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 32

Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!

Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!

(2 Mose 32:26)

  1. 1. Míetɔtɔ le mía ɖokuiwo me tsã;

    Alakpasubɔsubɔ kplɔ mí tra.

    Ke dzidzɔ yɔ míaƒe dzi me fifia;

    Fiaɖuƒenya la míese.

    (HAXE)

    Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi Be nàkpɔ dzidzɔ.

    Magblẽ wò ɖi kura o. Zɔ kekelia me.

    Gblɔ ŋutifafa kple Ablɔɖe nya la.

    Kristo ƒe dziɖuɖu Akeke ta ɖaa.

  2. 2. Míawɔ dɔ kple mía nɔviwo ɖekae;

    Fiaɖuƒe nyateƒea míaɖe gbeƒãe,

    Míaxlɔ̃ nu amewo l’afi sia ’fi

    Be woava Ma’u ƒ’akpa dzi.

    (HAXE)

    Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi Be nàkpɔ dzidzɔ.

    Magblẽ wò ɖi kura o. Zɔ kekelia me.

    Gblɔ ŋutifafa kple Ablɔɖe nya la.

    Kristo ƒe dziɖuɖu Akeke ta ɖaa.

  3. 3. Ne Abosam do ŋɔdzi na mí hã,

    Míenyae be Yehowa akpɔ mía ta.

    Togbɔ be wosɔ gbɔ wu mí hã la,

    Mawue nye míaƒe ŋusẽ.

    (HAXE)

    Nɔ Mawu ƒ’akpa dzi Be nàkpɔ dzidzɔ.

    Magblẽ wò ɖi kura o. Zɔ kekelia me.

    Gblɔ ŋutifafa kple Ablɔɖe nya la.

    Kristo ƒe dziɖuɖu Akeke ta ɖaa.