Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 33

Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

(Psalmo 55)

  1. 1. Mawu, “Se nye gbedodoɖa.”

    Gaɣla ɖokuiwò ɖem o.

    Lé to ɖe ŋunye, nàtɔ nam,

    ’Labe nye dzi le nu xam.

    (HAXE)

    Dro wò’agba ɖe Yehowa dzi;

    Ka ɖe ’dzi be alé wò ɖe te.

    ’Yae akpɔ tawò ɣesiaɣi;

    Nuteƒewɔla wònye.

  2. 2. Ðe aʋala l’asinye la,

    Madzo yi didiƒe ke;

    Madzo le ame vlowo gbɔ,

    Ale be manɔ dedie.

    (HAXE)

    Dro wò’agba ɖe Yehowa dzi;

    Ka ɖe ’dzi be alé wò ɖe te.

    ’Yae akpɔ tawò ɣesiaɣi;

    Nuteƒewɔla wònye.

  3. 3. Nye la, Yehowa ko mayɔ;

    Eya koe afa ’kɔ nam.

    Atsɔ nye agbawo akpem;

    ’Labe eƒe dɔme nyo.

    (HAXE)

    Dro wò’agba ɖe Yehowa dzi;

    Ka ɖe ’dzi be alé wò ɖe te.

    ’Yae akpɔ tawò ɣesiaɣi;

    Nuteƒewɔla wònye.

(Kpɔ Ps. 22:5; 31:1-24 hã.)