Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 34

Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

(Psalmo 26)

  1. 1. Oo Aƒetɔ, nye nuteƒewɔwɔ,

    Kple fɔmaɖimaɖi le nyanya me na wò.

    Oo Ma’u dom kpɔ, ’ye nàdzro menye kpɔ;

    Ðɔ nye susuwo ɖo, ne maxɔ yayrawo.

    (HAXE)

    Ke nye ya la, Meɖoe kplikpaa bena

    fɔmaɖimaɖi me Mazɔ yi mavɔ me.

  2. 2. Nyemedea ha kpl’ame vɔ̃ɖiwo o.

    Nyateƒea gbelawo, nye la, melé fu wo.

    Mègaɖem ɖa kpe ɖe ame vlowo,

    Zãnuxɔlawo kple ʋufɔɖila’o ŋu o.

    (HAXE)

    Ke nye ya la, Meɖoe kplikpaa bena

    fɔmaɖimaɖi me Mazɔ yi mavɔ me.

  3. 3. Wò aƒe la me nɔnɔ dzɔa dzi nam.

    Manɔ subɔsubɔ kɔkɔe vavã la dzi.

    Maƒo xlã wò vɔsamlekpui gã la;

    Akpedaha naɖi l’anyigba katã dzi.

    (HAXE)

    Ke nye ya la, Meɖoe kplikpaa bena

    fɔmaɖimaɖi me Mazɔ yi mavɔ me.

(Kpɔ Ps. 25:2 hã.)