HADZIDZI 38
Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu
-
1. Yehowa ve nuwò nènya nyateƒe la.
Ekplɔ wò do goe tso viviti me.
Ekpɔe le wò dzi me be nèdi vevie be
Yeasubɔ ye ahawɔ nu dzɔdzɔe;
Nèdi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Eya ta magblẽ wò ɖi gbeɖe o.
(HAXE)
Yesu xe fe ɖe tawò,
ètrɔ zu Mawu tɔ;
Ta ana nàli ke,
ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.
Afia mɔ wò akpɔ tawò,
alé be na wò.
Oo, ana nàli ke,
ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.
-
2. Mawu tsɔ eƒe Tenuvi na ɖe tawò.
Wò nyonyo tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo.
Ne meve nu le ye ŋutɔ Via ŋu o la,
Ka ɖe edzi be ado ŋusẽ wò.
Maŋlɔ xɔse si nèɖe fia be o.
Magbe beléle na etɔwo o.
(HAXE)
Yesu xe fe ɖe tawò,
ètrɔ zu Mawu tɔ;
Ta ana nàli ke,
ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.
Afia mɔ wò akpɔ tawò,
alé be na wò.
Oo, ana nàli ke,
ɛ̃, ana nàsẽ ŋu.
(Kpɔ Rom. 8:32; 14:8, 9; Heb. 6:10; 1 Pet. 2:9 hã.)