Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 40

Ame Ka Tɔe Míenye?

Ame Ka Tɔe Míenye?

(Romatɔwo 14:8)

  1. 1. Ame ka tɔe nènye?

    Aƒetɔ ka nèɖoa toe?

    Ame si nèdea ta ’gu na ye

    Nye mawu si nèsubɔna.

    Màsubɔ ma’u ’ve o.

    Ðeka ko nàte’ŋ atia.

    ’Ya ta di Mawu vavã la fifia,

    Be nàsubɔ eya ko.

  2. 2. Ame ka tɔe nènye?

    Aƒetɔ ka nèɖoa toe?

    Ðe nye alakpa, ɖe nyateƒe,

    Gbɔwòe eme tiatia la le.

    Ðe nàtsɔ ɖokuiwò

    Na Kaisaro kple xexea?

    Alo Ma’u vavã la ko nàɖo toe

    Awɔ eƒe se dzi hã?

  3. 3. Ame ka tɔe menye?

    Yehowa ko maɖo toe.

    Masubɔ nyateƒe Mawu la,

    ’Me si meɖe adzɔgbe na.

    Via va ku ɖe tanyee.

    Matsɔ ɖokuinye nɛ ɖaa.

    Masubɔe le nye agbe me katã,

    Adoe ɖe dzi gbe sia gbe.