Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 43

Akpedagbedodoɖa

Akpedagbedodoɖa

(Psalmo 95:2)

  1. 1. Oo Yehowa Mawu, míeda ’kpe na wò.

    Oo amenuvela, míekafu wò.

    Fofo, wò ɖeka koe míasubɔ tegbee,

    ’Labe wòe léa be na mí gbe sia gbe.

    Míaƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ fũu ɖe mía dzi.

    Gake ènyoa dɔme tsɔa wo kea mí.

    Akpe be nètsɔ Viwò ƒe ʋu ƒle mí.

    Akpe be nèkpɔa nublanui na mí.

  2. 2. Wò dɔmenyo kple lɔlɔ̃ léa dzi na mí.

    Akpe be nèna míeva dze si wò.

    Oo, kpe ɖe mía ŋu wò lɔlɔ̃nu míawɔ.

    Ve mía nu míawɔ nuteƒe na wò.

    Wò gbɔgbɔ tri’akɔ la ŋu míeɖoa ŋu ɖo;

    Enana míeƒoa nu kple dzideƒo.

    Míabɔbɔ mía ɖokui asubɔ wò ɖaa,

    Ada ’kpe na wò ɖe wò nyonyo ta.