Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 45

Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

(Psalmo 19:14)

  1. 1. Nye gbe sia gbe ŋugbledede

    Kple dzimesusuwo katã

    Nedze ŋuwò Oo, Yehowa.

    Li kem ɖe wò mɔ dzi sesĩe.

    Ne dzimaɖitsitsiwo na

    Alɔ̃ bu ɖem le zã me la,

    Made ŋugble le wò Nya la

    Kple nu siwo le dzɔdzɔe ŋu.

  2. 2. Nu si’o ŋu woƒoa nu nyui le,

    Si’o le dzadzɛ, nye nyateƒe;

    Ŋugbledede nu siawo ŋu

    Ana makpɔ ŋutifafa.

    Oo Ma’u, wò susuwo goglo,

    Seɖoƒe meli na wo o.

    Made ŋugble le wo ŋu ɖaa.

    Nye dzi aku ɖe wo ŋu ɖaa.