HADZIDZI 46
Yehowa, Míeda Akpe Na Wò
-
1. Yehowa, míeda ’kpe na wò gbe sia gbe,
Be nèna wò kekelia klẽ na mí.
Míeda ’kpe bena èsea gbedodoɖa,
Wòe kpɔa hiahiãwo katã gbɔ na mí.
-
2. Yehowa, míeda ’kpe ɖe Viwò la ta,
’Labena elɔ̃ va ku ɖe mía ta.
Míeda ’kpe ɖe wò mɔfiafia nyuiwo ta.
Kpe ɖe mía ŋu be míawɔ wo dzi ɖaa.
-
3. Míeda ’kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔ la ta,
Míetoa edzi kafua wò ŋkɔ gã la.
Míeda ’kpe bena Paradiso ava,
Ne míavo tso xaxawo me mlɔeba.
(Kpɔ Ps. 50:14; 95:2; 147:7; Kol. 3:15 hã.)