Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 50

Nye Adzɔgbeɖeɖe Ƒe Gbedodoɖa

Nye Adzɔgbeɖeɖe Ƒe Gbedodoɖa

(Mateo 22:37)

  1. 1. Matsɔ nye dzi na wò ɖaa,

    Alɔ̃ wò nyateƒe la.

    Nye nuyi akafu wò;

    Madzi ha akafu wò.

  2. 2. Nye afɔ kple nye asi

    Awɔ wò ɖoɖowo dzi.

    Nye klosalo kple sika

    Matsɔ na wò Yehowa.

  3. 3. Wòe metsɔ nye agbe na;

    Mawɔ wò lɔlɔ̃nu ɖaa.

    Metsɔ ɖokuinye na wò;

    Oo, nye nu nedze ŋuwò.