Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 51

Mawue Míeɖe Adzɔgbe Na!

Mawue Míeɖe Adzɔgbe Na!

(Mateo 16:24)

  1. 1. Mía Mawu Yehowa kplɔ mí va Kristo gbɔ

    Be míazu eƒe nusrɔ̃lawo.

    Nyateƒe kekelia klẽ

    Ðe míaƒe dziwo me be

    Míaƒe xɔse nali ke.

    Míegbe nu mía ɖokui gbɔ.

    (HAXE)

    Mawue míeɖe adzɔgbe na; Dzi le mía dzɔm

    Ðe ’ya kple Via Yesu Kristo siaa ŋu.

  2. 2. Míedo ŋugbe na mía Mawu Yehowa be

    Míasubɔe aɖo toe tso dzi me.

    Dzidzɔ gã kae nye esi!

    Mawu ƒe ŋkɔ le mía ŋu.

    Míeɖea gbeƒã ɣesiaɣi

    Ƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu.

    (HAXE)

    Mawue míeɖe adzɔgbe na; Dzi le mía dzɔm

    Ðe ’ya kple Via Yesu Kristo siaa ŋu.