HADZIDZI 59
Kafu Yah Kplim
-
1. Kafu Yah kplim;
Míadzi ha nɛ.
’Yae na ’gbe kple nu nyui ɖe sia ɖe mí.
Míadoe ɖe dzi
Tso ŋdi yi fiẽ.
Míakafui ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã ta.
Ɛ̃, míadzi ha akafu eŋkɔ ɖaa.
-
2. Kafu Yah kplim.
Eyae ɖoa to
Gbedodoɖa; kpɔa míaƒe hiahiã’o gbɔ.
Edoa ŋusẽ
’Me si’o gbɔdzɔ.
Eƒe gbɔgbɔa léa ’me si’o lɔ̃e ɖe te.
Míakafu eƒe ŋkɔ kple gãnyenye.
-
3. Kafu Yah kplim.
Dzɔdzɔetɔ la
Faa ’kɔ na mí; míaɖo dzi ɖe ’ŋu ɖaa.
Aɖe vɔ̃ ɖa;
Ayɔ dɔ mí.
Fiaɖuƒeyayrawo míakpɔ mɔ na.
Mina míatso aseye akafui!
(Kpɔ Ps. 94:18, 19; 145:21; 147:1; 150:2; Dw 17:25 hã.)