Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 61

Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!

Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!

(Luka 16:16)

  1. 1. Mawu subɔlawo ɖo tame kplikpaa,

    Be woaʋli nya nyui la ta le nuwuɣi sia.

    Ne Satana tso ɖe mía ŋu hã,

    Míavɔ̃ kura o; míakpɔ mɔ na Yehowa.

    (HAXE)

    Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!

    Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!

    Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.

    Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.

  2. 2. Yehowa Ma’u ƒe subɔlawo míenye,

    Míedia xexea kple dziɖula’o ŋudzedze o.

    Mokakamanɔŋutɔ míanye,

    Míagbɔdzɔ loo ana ta kpɔ gbeɖe o.

    (HAXE)

    Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!

    Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!

    Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.

    Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.

  3. 3. Ne Fiaɖuƒe nya nyui la amewo gbe,

    Ne wodo vlo Yehowa Mawu ƒe ŋkɔa hã,

    Nyateƒea lɔ̃lawo ya asee.

    ’Ya ta míado vevie subɔsubɔdɔa.

    (HAXE)

    Miyi ŋgɔ, Ðasefowo, milé dzi ɖe ƒo!

    Dzi nedzɔ mi le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me!

    Miɖe gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea gogo.

    Madidi o míaxɔ ’ƒe yayrawo.