Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 63

Yehowa Ðasefowo Míenye!

Yehowa Ðasefowo Míenye!

(Yesaya 43:​10-12)

  1. 1. Amewo wɔ legbawo,

    Ma’u vavã womenya o.

    ’Yae nye Dziƒoʋĩtɔ,

    Ŋusẽkatãtɔ.

    Dukɔwo ƒe mawu⁠wo

    Menya nu si adzɔ o.

    Womenye mawu vavã hã o.

    Ðasefo mele wo si o.

    (HAXE)

    Yah ƒe Ðasefo’o míenye,

    Ƒoa nu vɔvɔ̃manɔmee.

    Mía Mawu nye nyagblɔɖi Mawu;

    Eƒe nyawo ava ’me.

  2. 2. Mawu ƒe bubu kple ŋkɔ

    Ŋuti nya nyui la míagblɔ.

    Eƒe Fiaɖuƒe la

    Ŋuti nya míagblɔ.

    Ne woadze si nyate⁠ƒe

    Si naa ablɔɖe ame.

    Ale be woawɔ ɖeka kpli mí,

    Ne míadzi ha adoe ɖe dzi.

    (HAXE)

    Yah ƒe Ðasefo’o míenye,

    Ƒoa nu vɔvɔ̃manɔmee.

    Mía Mawu nye nyagblɔɖi Mawu;

    Eƒe nyawo ava ’me.

  3. 3. Míetoa ɖaseɖiɖi dzi

    Kɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti,

    Xlɔ̃a nu ’me vɔ̃ɖi si’o

    Ƒoa ɖi Ma’u ƒe ŋkɔ.

    Míegblɔna be tsɔtsɔ⁠ke

    Li na ’me si trɔ dzi me.

    Ðaseɖiɖi na míekpɔa dzidzɔ,

    Míekpɔa mɔ na agbe mavɔ.

    (HAXE)

    Yah ƒe Ðasefo’o míenye,

    Ƒoa nu vɔvɔ̃manɔmee.

    Mía Mawu nye nyagblɔɖi Mawu;

    Eƒe nyawo ava ’me.