Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 64

Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe

Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe

(Mateo 13:1-23)

  1. 1. Míele agbe le nuŋeɣi me;

    Mɔnukpɔkpɔ vavã wònye.

    Nukuawo ƒu keŋkeŋ na ŋeŋe;

    Míele gome kpɔm le dɔa me.

    Yesu Kristo ye le dɔa dzi kpɔm,

    Eɖo kpɔɖeŋu nyui na mí.

    Gomekpɔkpɔ le nuŋeŋedɔa me

    Nye dzidzɔ kple bubu na mí.

  2. 2. Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi

    Ƒoe ɖe mía nu míedoa vevie.

    Gbeƒãɖeɖe kple nufiafia hiã

    ’Labe nuwuwua tu aƒe.

    Dzidzɔ geɖe le dɔ nyui sia me;

    Yayra si’o míekpɔna sɔ gbɔ.

    Míado dzi le Mawu ƒe dɔ la me,

    Awɔe va se ɖe nuwuwu.