Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 74

Kpɔ Gome Le Fiaɖuƒea Ƒe Hadzidzi Me!

Kpɔ Gome Le Fiaɖuƒea Ƒe Hadzidzi Me!

(Psalmo 98:1)

  1. 1. Hadzidzi li, aʋadziɖuɖu ƒe hae.

    Edoa kɔkɔ Dziɖula Gãtɔ la.

    Ha la naa mɔkpɔkpɔ nuteƒewɔla.

    Va míadzi ha, tanyae nye Fiaɖuƒea:

    (HAXE)

    “Va subɔ Ma’u Fiazikpuia ŋgɔ.

    Vi la nye Fia, Míaɖe gbeƒãe!

    Míasrɔ̃ ha sia, Fiaɖuƒehadzidzi la.

    Míasubɔ Ma’u, akafu eƒe ŋkɔ.”

  2. 2. Ha yeye sia le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea.

    Kristo zu Fia ɖ’anyigba katã dzi.

    Wogblɔe ɖi ’xo, dukɔ yeye la wodzi;

    Woanyi Fiaɖuƒea dome kple Vi la:

    (HAXE)

    “Va subɔ Ma’u Fiazikpuia ŋgɔ.

    Vi la nye Fia, Míaɖe gbeƒãe!

    Míasrɔ̃ ha sia, Fiaɖuƒehadzidzi la.

    Míasubɔ Ma’u, akafu eƒe ŋkɔ.”

  3. 3. Fiaɖuƒehaa le bɔbɔe na ’me sia ’me.

    Nyaawo me kɔ, dea dzo lãme na ’me.

    Ame geɖe l’anyigba dzi srɔ̃ ha sia,

    Woawo hã le ame bubu’o kpem be:

    (HAXE)

    “Va subɔ Ma’u Fiazikpuia ŋgɔ.

    Vi la nye Fia, Míaɖe gbeƒãe!

    Míasrɔ̃ ha sia, Fiaɖuƒehadzidzi la.

    Míasubɔ Ma’u, akafu eƒe ŋkɔ.”