Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 75

“Nyee Nye Esi, Dɔm!”

“Nyee Nye Esi, Dɔm!”

(Yesaya 6:8)

  1. 1. Amewo do vlo Yehowa,

    Woƒo ɖi eƒe ŋkɔ nyui la.

    Wobe ŋutasẽla wònye.

    Wobe ame vɔ̃ɖi wònye.

    ’Me kae aɖe gbeƒã na wo?

    ’Me kae akɔ Ma’u ƒe ŋkɔa ŋu?

    (HAXE GBÃTƆ)

    “Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!

    Magblɔ wò kafukafunya.

    Bubu gã sia tɔgbi meli o.

    Nyee nye ’si, dɔm Yehowa!”

  2. 2. Amewo ɖua fewu be⁠na

    Yehowa gbɔa dzi ɖi akpa.

    Womedze si Yehowa o,

    Wosubɔna nu kpakpɛwo.

    ’Me kae axlɔ̃ nu ame⁠wo

    Be Ma’u ƒe ŋkeke gã gogo?

    (HAXE EVELIA)

    “Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!

    Maɖe gbeƒã nuxlɔ̃amenya.

    Bubu gã sia tɔgbi meli o.

    Nyee nye ’si, dɔm Yehowa!”

  3. 3. Ame fafa’o le konyi fam

    Nu vɔ̃ ƒe dzidziɖedzi ta.

    Gbɔɖeme vavã dim wole,

    Nyateƒemɔ la dim wole.

    ’Me kae afa akɔ na wo?

    ’Me kae ana woanya Mawu?

    (HAXE ETƆ̃LIA)

    “Nyee nye ’si, dɔm, Oo Yehowa!

    Mana woanya wò nyateƒea.

    Bubu gã sia tɔgbi meli o.

    Nyee nye ’si, dɔm Yehowa!”